Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 15:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ke meɖo nyaa ɖeke ŋu ne o. Eye esi eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ la, woɖe kuku nɛ gblɔ bena: Do mɔe, ne wòayi; elabena ele ɣli ɖom le mia yome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Ke Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o; mekpe kpe dee hã o. Eƒe nusrɔ̃lawo va ƒoe ɖe enu be nenyae wòadzo. Wogblɔ be, “Gblɔ nɛ be nedzo, elabena eƒe ɣlidodo le to me vem na mí.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 15:23
8 Referans Kwoze  

Eye esi fiẽsi ɖo la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ bena: Afisia gbedzìe, eye ɣeyiɣi la va yi xoxo; ɖe asi le amehawo ŋu azɔ, ne woayi ɖe kɔƒeawo me aɖaƒle nuɖuɖu na wo ɖokui.


Ne mele ɣli dom le eyɔm hã le, etua nu ɖe nye gbedodoɖa nu.


Dawid tɔ. Yehowa, wò yɔm mele. Nye aga, megado tokum o, be ne èdo tokum la, ne manɔ abe amesiwo yi aʋli me la ene o!


Ɖo ŋku mɔ blibo la dzi, esi dzi Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò toe le gbedzi ƒe blane sɔŋ, bena yeabɔbɔ wò ɖe anyi, ne yeado wò akpɔ, bena yeanya nusi le wò dzi me, be awɔ eƒe seawo dzi loo, alo mawo wo dzi o.


Yosef lé ŋku ɖe wo ŋu, eye wòdze si wo. Ke etrɔ eɖokui ame bubui ɖe wo, eye wòhe nya sesẽ kple wo bia wo bena: Afika mietso? Woɖo ŋu bena: Kanaan-nyigba dzi mietso va bli ƒle ge.


Eye kpo ɖa, Kanaan-nyɔnua ɖe ɖo go tso afima nutoawo me, eye wòɖo ɣli gblɔ bena: Aƒetɔ, Dawid vi la, kpɔ ye nublanui! Vinyenyɔnuvi le fu kpem ŋɔdzitɔe tso gbɔgbɔ vɔ̃ si me.


Ke eya ɖo eŋu gblɔ bena: Womedɔm o, negbe ɖe Israel-ƒe me alẽ bubuwo gbɔ ko.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite