Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 15:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye wògblɔ bena: Alo miawo hã ame masenugɔmewo mieganye mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Yesu bia wo be, “Ke miawo hã, miese nya sia gɔme oa?

Gade chapit la Kopi




Mateo 15:16
15 Referans Kwoze  

Alo ɖe miedze si nu kpɔ oa? Eye mieɖo ŋku ame akpe atɔ̃ la ƒe abolo atɔ̃ dzi kple kevi alesi nu mielɔ o mahã?


Ke woawo la womese nya sia gɔme o, eye wova le ebiabia ŋuti.


Eye wògblɔ na wo bena: Ale miawo hã mienye ame masenugɔmewoe nye esi mahã? Alo miedze sii kpɔ bena, nusianu, si tsoa gota yina ɖe ame me la, mate ŋu aƒo ɖii o;


Ke woawo la womese nya sia gɔme o, eye wòle ɣaɣla ɖe wo bena, ne womagadze sii o, eye wova le nya sia biabia ŋuti.


Eye wòyɔ ameha la va egbɔ gblɔ na wo bena: Miɖo to, eye miase nu gɔme.


Elabena ele na mi be, mianye nufialawo le ɣeyiɣi la ƒe didi nu; gake egahiã mí be, woagafia nusiwo nye Mawu ƒe nyawo ƒe gɔmedzenuwo mi, eye míezu abe amesiwo gahiã notsi ko, eye menye nuɖuɖu sesẽ o la ene.


Tete woʋu woƒe tame, bena wòase ŋɔŋlɔawo gome;


Eye womese nusiawo dometɔa ɖeke gɔme o, eye nya sia le ɣaɣla ɖe wo, eye womedze si nusiwo wògblɔ la o.


elabena womenya ta le aboloawo nu o, ke boŋ woƒe dzime sẽ.


Aleke wɔ miedze sii kpo bena, menye abolo ŋuti meƒo nu le na mi o bena: Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti o mahã?


Yesu gblɔ na wo bena: Ɖe miese nusiawo katã gɔmea? Wogblɔ ne bena: Ẽ.


Eye Petro xɔ edzi gblɔ ne bena: Ɖe lo sia gome na mi.


Alo miedze sii kpɔ bena, nusianu, si yia nu me la, eyina ɖe do me, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe kpɔxa o mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite