Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 15:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Miɖe asi le wo ŋu! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye na ŋkuagbãtɔwo. Ke ne ŋkuagbãtɔ le mo fiam ŋkuagbãtɔ la, wo kpakple eve la katã woayi aɖadze do me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Miɖe asi le wo ŋuti! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye. Ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, wo kple eve la woage ɖe do me.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 15:14
19 Referans Kwoze  

Eye wòdo lo hã na wo bena: Ɖe ŋkuagbãtɔ ate ŋu akplɔ ŋkuagbãtɔa? Alo ɖe wo ame eve la katã madze do me o mahã?


Woƒe dzɔlawo katã nye ŋkuagbãtɔwo, womele si dzem naneke o; avũ aɖetututɔ, siwo mate ŋu aɖe gbe o la, wo katã wonye, womlɔ anyi le drɔ̃e kum, eye alɔ̃ le wo nu vivim.


Ke miawo miele ɖa le mo dzi, mietsɔ nufiame na ame geɖewo dze anyi, eye miegblẽ Lewi ƒe nubabla la ɖome. Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Eyata Aƒetɔ la makpɔ dzidzɔ le woƒe ɖekakpuiwo ŋu o, eye mave woƒe tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo nu o, elabena wo katã wonye ame vɔ̃ɖiwo kple nu tovo wɔlawo, eye nusianu gblɔa nya gbegblẽ. Ke to esiawo katã gbɔ hã eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.


Ke aʋatsonyagblɔɖilawo va tsi tre le dukɔ la dome, abe alesi aʋatsonufialawo lava míawo hã mia dome ene, amesiwo latsɔ gbegblẽ ƒe kɔmamãwo ava tra ɖe eme dzaa, eye woagbe nu le Aƒetɔ, si xe fe ɖe wo ta la gbɔ, eye woahe gbegblẽ kpatakpata ava wo ɖokui dzi.


Nyagblɔɖilawo gblɔa alakpanya ɖi, eye nunɔlawo le aƒetɔ ɖum, alesi wofia woe, eye wòdze nye dukɔ ŋu alea! Ke nuka miawɔ, ne eƒe nuwuwu la va ɖo?


Amekae nye ŋkunɔ, ɖe menye nye dɔlae oa? Amekae nye tokunɔ abe nye amesi medɔ la enea? Amekae nye ŋkunɔ abe Mawu ƒe xɔlɔ̃ ene, eye amekae nye ŋkunɔ abe Yehowa ƒe dɔla ene?


Ke avũwo kple afakalawo kple matrewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple trɔ̃subɔlawo kpakple amesiame, si lɔ̃a aʋatsokaka, eye wòkanɛ la, woatsi agbo la godo.


Eye wolé lã la kple aʋatsonyagblɔɖila, si wɔ dzesiwo le eƒe ŋku me, esiwo wotsɔ ble amesiwo xɔ lã la ƒe dzesi kple amesiwo de ta agu na eƒe legba; wotsɔ wo ame eve la siaa ƒu gbe ɖe dzota, si le bibim kple dzokpe la me agbagbe.


Amesiwo nye tsivudo, siwo me tsi mele o, kple alilikpo, siwo ahom ƒona yina gbɔna, amesiwo wodzra viviti tsiɖitsiɖi la ɖo ɖi na yi ɖe mavɔmavɔ me.


kple nyahehe dzodzro vɛ le ame tamegbegblẽtɔ, siwo si woha nyateƒe le amesiwo buna bena, mawusubɔsubɔ enye viɖenu la dome. Te ɖokuiwò ɖa le nenem me siawo gbɔ.


Efrayim dze xɔlɔ̃ kple legbawo, miɖe kɔ le eŋu!


Ne ŋukpe lé wo, le esi wowɔ nu nyɔŋu ta hã la, woƒe mo metsia dã o, eye womenyaa nukae nye ŋukpe o. Eyata woatsi ame tsiaʋawo dome, eye wòadze anyi le ɣeyiɣi, si mahe to na wo, Yehowa ye gblɔe.


Ne ŋukpe lé wo, le esi wowɔ ŋunyɔnu ta hã la, woƒe mo metsia dã o, eye womenyaa nukae nye ŋukpe o. Eyata woatsi ame tsiaʋawo dome, eye wòadze anyi le ɣeyiɣi, si mahe to na wo, Yehowa ye gblɔe!


Ke Egiptetɔwo la, amegbetɔwo wonye, menye Mawu o; woƒe sɔwo la, ŋutilã wonye, menye gbɔgbɔ o; eye ne Yehowa do eƒe asi ɖa la, ke aɖe le xɔnametɔ la te, eye amesi wòle xɔxɔm na la, adze anyi, eye woa kple eve la siaa nu ayi.


Eye Yesu gblɔ bena: Nye la ʋɔnudɔdrɔ̃ ta meva xexe sia me ɖo, bena amesiwo mele nu kpɔm o la, ne woakpɔ nu, eye amesiwo le nu kpɔm la, ne woazu ŋkuagbãtɔwo?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite