Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 15:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye wòxɔ edzi gblɔ bena: Ati sia ati, si Fofonye, si le dziƒo la, medo o la, woahoe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ati sia ati si Fofonye si le dziƒo la medo o la, woahoe kple ke.

Gade chapit la Kopi




Mateo 15:13
11 Referans Kwoze  

Alɔ sia alɔ, si le ŋutinye, eye metsena o la, elãnɛ, eye ɖesiaɖe, si tsena la, eɖea eŋu, bena wòatse geɖe awu.


Wò dukɔ anye ame dzɔdzɔewo sɔŋ, eye anyigba anye wo tɔ tegbee, nye atibɔmeti fẽ kple nye asinudɔwɔwɔ, si ade bubu ŋunye la, wonye.


Ne amea ɖe menɔ menye o la, woatsɔe aƒu gbe abe weinti ƒe alo ene, eye woaƒu, eye woaƒo wo nu ƒu, eye woatɔ dzo wo, eye woafia.


ne mata avɔ na Zion ƒe konyifalawo, mana atsyɔ̃ɖoɖo wo ɖe dzowɔ teƒe, dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe, atsyɔ̃vɔ ɖe gbɔgbɔ, si nu ti kɔ na teƒe, eye woayɔ wo be „dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo“, „Yehowa ƒe atibɔ“, si wòbe, yeatsɔ ade bubu eɖokui ŋu.


Ame dzɔdzɔe la atu hlo abe deti ene, eye wòade dzi abe sederti le Libanon dzi ene.


Elabena Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye; Mawu ƒe agble kple Mawu ƒe xɔtutu miawo míenye.


Tete nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ nɛ bena: Enyae bena, esi farisitɔwo se nyaa la, eɖia wo nu mahã?


Nyee nye weinti vavã la, eye Fofonyee nye agbledela la.


Amesiawo nye ɖiƒoƒo le miaƒe lɔlɔ̃nuɖuɖuwo me, esi woɖua nutsu nyia wo ɖokui le mia gbɔ vɔvɔ̃ manɔmee; alilikpo tsi manɔme, siwo ya ƒona yina gbɔna la, wonye; ati, siwo dzi kutsetse menɔa le nuŋeɣi o, siwo ku zi eve, eye woho wo,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite