Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 15:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Tete agbalẽfialawo kple farisitɔwo tso Yerusalem va Yesu gbɔ gblɔ bena:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Farisitɔ aɖewo kple agbalẽfialawo hã tso Yerusalem va be yewoalé nya aɖewo kpɔ kple Yesu.

Gade chapit la Kopi




Mateo 15:1
11 Referans Kwoze  

Eye ɣlidodo gãa ɖe dzɔ, eye agbalẽfiala, siwo nye farisitɔwo ƒe akpa la, dometɔa ɖewo tsi tre, eye wohe dzre ŋutɔ gblɔ bena: Miekpɔ vɔ̃a ɖeke le amesia ŋu o; ke ne gbɔgbɔa ɖe alo mawudɔlaa ɖe ƒo nu kpakplii la, nukae?


Eye farisitɔwo kple woƒe agbalẽfialawo li liʋiliʋi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋuti gblɔ bena. Nukaŋuti mieɖua nu, eye mienoa nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã?


Eye agbalẽfialawo kple farisitɔwo de asi ɖikeke me gblɔ bena: Ameka enye esia, si gblɔ busunyawo? Ameka ate ŋu atsɔ nuvɔ̃wo ake, ne menye Mawu ɖeka ko oa?


Eye gbe ɖeka la eva ve me bena, esi wòle nu fiãm, eye farisitɔwo kple sefiala, siwo tso Galilea kple Yudea-duwo katã me kpakple Yerusalem va la, wobɔbɔ nɔ afima, eye Aƒetɔ ƒe ŋusẽ ti be, wòada gbe le wo ŋu.


Eye agbalẽfiala, siwo tso Yerusalem va la, gblɔ bena Beelzebul le eme, eye wònyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi.


Agbalẽfialawo kple farisitɔwo bɔbɔ nɔ Mose ƒe zikpui dzi;


Elabena mele egblɔm na mi bena: Ne miaƒe dzɔdzɔenyenye la maƒo agbalẽfialawo kple farisitɔwo tɔ ta sa o la, ekema miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.


Eye esia nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi, esi Yudatɔwo dɔ nunɔlawo kple Lewitɔwo ɖa tso Yerusalem, bena woabiae bena: Ameka nenyea?


Eye esi wòva la, Yudatɔ, siwo tso Yerusalem va la, le tsitre ƒo xlãe, eye wotsɔ nutsotso vevi geɖewo vɛ ɖe Paulo ŋuti, esiwo ŋu womete ŋu fia kpɔɖeŋua ɖeke le o,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite