Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 14:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye wòle didim be, yeawui; gake evɔ̃ ameha la, elabena wòbua eyama abe nyagblɔɖila ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Herod di be yeawu Yohanes, gake enɔ vɔvɔ̃m be ʋunyaʋunya ava dzɔ, elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.

Gade chapit la Kopi




Mateo 14:5
10 Referans Kwoze  

Ne miegblɔ bena, dziƒo wòtso la, agblɔ na mí bena: Ekema nukaŋuti miexɔ edzi se o? Ke ne miegblɔ bena, amewo gbɔ wòtso la, ekema mievɔ̃ ameha la; elabena wo katã wobu Yohanes abe nyagblɔɖila ene.


Ekema nukaŋuti gɔ̃e mieɖo go ɖo? Alo nyagblɔɖila kpɔ gea? Ẽ, mele egblɔm na mi bena: Ewu nyagblɔɖila hã.


Tete la aʋafia kple atikplɔtɔwo to edzi yi ɖakplɔ wo vɛ, menye sesẽtɔe o, elabena wovɔ̃ dukɔ la, bena woagaƒu kpe yewo o.


Ke esi wogado ŋɔdzi na wo ɖe edzi la, woɖe asi le wo ŋu, esi womekpɔ naneke woatsɔ ahe to na wo o la ta, le dukɔ la ŋuti; elabena ameawo katã le Mawu kafum le nusi ke va me la ŋuti.


Ke ne miegblɔ bena: Amewo gbɔ wòtso la, ekema dukɔ la katã laƒu kpe mí; elabena wokpɔ kakaɖedzi bena, Yohanes enye nyagblɔɖila.


Elabena Yohanes va mia gbɔ le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi, eye miexɔ eyama dzi se o; ke nudzɔlawo kple ahasiwɔlawo xɔ edzi se; gake miawo la, esi miekpɔe la, mietrɔ miaƒe tame emegbe bena, miaxɔ edzi ase o.


Eye esi fia Yoyakim kple eƒe kalẽtɔwo katã kpakple amegãwo katã se eƒe nyawo la, fia la di be, yeawui. Ke Uriya see, eye wòvɔ̃ hesi yi Egipte.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite