Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 14:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Tete wògblɔ bena: Va! Eye esi Petro ɖi le ʋua me la, ezɔ tsia dzi va Yesu gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, zɔ va.” Ale Petro ɖi ɖe tsia me le ʋua xa, eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ.

Gade chapit la Kopi




Mateo 14:29
10 Referans Kwoze  

Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Ne ate ŋui! Amesi xɔe se la, ate ŋu awɔ nusianu.


Eye eƒe ŋkɔ la do ŋusẽ amesia, si kpɔm miele, eye mienya la, hena eƒe ŋkɔ dzi xɔse; eye dzixɔse, si to eyama dzi la, na lãmesesẽ blibo sia le mi katã ƒe ŋku me.


Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Ne xɔse le mia si abe logoku ene la, miagblɔ na gboti sia bena: Ho ɖokuiwò naɖaɖo ɖe atsiaƒu me! eye aɖo to mi.


Eye megbɔdzɔ le xɔse me o, mebu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã, si ku xoxo la, esi wòxɔ ƒe, si ano ƒe alafa, kple Sara ƒe vidzidɔ, si ku la o;


Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si, eye mieke ɖi o la, ekema menye nusi wɔ gboti la ɖeɖeko miawɔ o; ke boŋ ne miagblɔ na to sia hã bena: Ho, ne nayi aɖadze ƒu me la, ava ve me.


Ke egblɔ na wo bena: Le miaƒe xɔse ʋee ŋutie; elabena vava mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si abe logoku ene la, miagblɔ na to sia bena: Te ɖa tso afisia nayi afime, eye ate ayi, eye naneke mele miaƒe ŋutete wu ge o.


Eye Petro xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, nenye wòe la, na bena, mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.


Gake esi wòkpɔ ya le ƒoƒom la, evɔ̃, eye esi wòde asi toyiyi me la, edo ɣli gblɔ bena: Aƒetɔ, ɖem!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite