Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 14:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Enumake Yesu ƒo nu na wo gblɔ bena: Miaƒe dzi nèdze me, nye enye esi; migavɔ̃ o hee!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 Yesu ƒo nu na wo enumake, eye wòde dzi ƒo na wo gblɔ be, “Nyee, migavɔ̃ o; miaƒe dzi nedze eme.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 14:27
21 Referans Kwoze  

Esiawo megblɔ na mi, bena míakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexea me la miekpɔ xaxa; gake miaƒe dzi nedze eme; nye la meɖu xexeame dzi.


Eye le ŋkeke, si dze eyome ƒe zã me la, Aƒetɔ la le tsitre ɖe egbɔ gblɔ bena: Wo dzi nèdze me; elabena alesi nèɖi ɖase le ŋutinye le Yerusalem la, nenema ke wòle be, naɖi ɖase le Roma hã.


megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.


Ameka wɔe heƒoe wòde go? Eya, amesi yɔ ƒomewo tso gomedzedzea me ke lae. Nye Yehowa enye gbãtɔ, eye alea ke mele na ame mlɔeawo!


Ke egblɔ na wo bena: Nyee nye esi, migavɔ̃ o hee!


Eye Yesu va wo gbɔ, eye wòde asi wo ŋu gblɔ bena: Mitsi tre, eye migavɔ̃ o!


Eye kpɔ ɖa, wotsɔ lãmetututɔa ɖe, si mlɔ aba dzi la, va egbɔ. Ke esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la la, egblɔ na lãmetututɔ la bena; Vinye, na wò dzi nadze me, wotso wò nuvɔ̃awo ke wò.


Nyee, nyee nye amesi afa akɔ na mi. Ameka nènye, be nèle amegbetɔ, si nye nu kukua, kple amegbetɔvi, si wowɔna abe gbe ene la vɔ̃m?


Eye dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Mana! Elabena èkpɔ amenuveve le Mawu gbɔ.


Ke dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Zaxarya; elabena wose wò kukuɖeɖe la, eye srɔ̃wò Elisabet adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yohanes.


Tete Yesu gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o! Miyi ɖaka eta na nɔvinyewo bena, wòayi Galilea, eye afima woakpɔm le.


Eye dɔla la gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o! Elabena kpɔ ɖa, meva dzidzɔ gã ŋutinya gblɔ ge fia mi, esi lanye na dukɔ blibo la katã;


Wò, nyẽvi Yakob, wò, ha sue Israel, megavɔ̃ o! Makpe ɖe ŋuwò, Yehowa ye gblɔe; wò xɔnametɔ enye Israel ƒe kɔkɔetɔ la.


Eye Petro xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, nenye wòe la, na bena, mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.


Eye mawudɔla la gblɔ na nyɔnuawo bena: Miawo la migavɔ̃ o; elabena menyae bena, Yesu, amesi woklã ɖe ati ŋu la, dim miele.


elabena wo katã wokpɔe, eye dzika tso wo ƒo. Ke eƒo nu kpli wo enumake gblɔ bena: Mina miaƒe dzi nadze eme; nyee nye esi, migavɔ̃ o hee!


nenema ke hãe nye Yakobo kple Yohanes, Zebedeo ƒe viwo, amesiwo nye Simon ƒe hadɔwɔlawo. Eye Yesu gblɔ na Simon bena: Megavɔ̃ o! Tso esia dzi yina la èle amewo ɖe ge.


Ha sue, megavɔ̃ o! Elabena edze mia Fofo la ŋu be, yeatsɔ fiaɖuƒe la na mi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite