Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 14:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye esi wòɖe asi le amehawo ŋu vɔ la, eya ɖeka yi to la dzi be, yeado gbe ɖa. Eye esi zã do la, eya ɖeka tsi afima.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Esi wòdo mɔ ameawo wodzo vɔ la, eya ɖeka yi togbɛawo dzi be yeado gbe ɖa. Enɔ teƒe sia va se ɖe fiẽ me,

Gade chapit la Kopi




Mateo 14:23
11 Referans Kwoze  

Eye wòva ve me le ŋkeke siawo me bena, eɖo go yi to la dzi be, yeado gbe ɖa, eye wòdo ŋu hele gbe ɖom ɖa na Mawu.


Eye esi wòɖe mo na wo megbe la, edzo heyi ɖe to la dzi, be yeado gbe ɖa.;


Tete woa kple Yesu wova teƒea ɖe, si woyɔna be Getsemane, eye wògblɔ na nusrɔ̃lawo bena: Mibɔbɔ nɔ afisia, vaseɖe esime mayi aɖado gbe ɖa le afime.


Ke wò la, ne èle gbe do ge ɖa la, yi ɖe wò xogã me, eye esi nètu ʋɔa la, nado gbe ɖa na Fofowò le ɣaɣlaƒe, eye Fofowò, si le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò.


Ke miawo la miana gbedodoɖa kple nya la ƒe subɔsubɔ dzi.


Eye wòva ve me anɔ ŋkeke enyi le nya siawo megbe bena, esi wòɖe Petro kple Yohanes kple Yakobo kpe ɖe eɖokui ŋu la, eyi to la dzi, be yeado gbe ɖa.


Eye esi wòfɔ fɔŋli la, edo go heyi de gbedzi, eye wòdo gbe da le afima.


Eye esi wòde mawutsi ta na dukɔ la katã, eye woɖee na Yesu hã la, edo gbe ɖa, eye wòva ve me bena, dziƒo ʋu,


Ke ete eɖokui heyi gbedzi, eye wòdo gbe ɖa.


Eye wòva ve me bena, esi eya ɖeka le gbe dom ɖa la, nusrɔ̃lawo le eŋu, eye wòbia wo bena: Ameka amehawo gblɔna bena, menye mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite