Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 14:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 eye wòɖo be, wòayi aɖatso Yohanes ƒe ta le enu le gaxɔ me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Ale woyi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔ me,

Gade chapit la Kopi




Mateo 14:10
12 Referans Kwoze  

Ke mele egblɔm na mi bena: Eliya va xoxo, eye womedze sii o: ke boŋ wowɔ nusianu, si wolɔ̃ la, ɖe eŋu. Nenema ke Amegbetɔvi la hã le fu kpe ge atso wo si mee.


Eye ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi nu vɔ la, ekema lã, si ɖo tso aʋli me la, awɔ aʋa kpli wo, eye wòaɖu wo dzi, eye wòawu wo.


Ke Herodes gblɔ bena: Yohanes la, metso ta le enu, ke ameka nye esia, amesi ŋuti mese nusiawo tɔgbe le mahã? Eye wòdi be, yeakpɔe.


Gake mele egblɔm na mi bena: Eliya va xoxo, eye wowɔ nusi wolɔ̃ la, ɖe eŋuti, abe alesi woŋlɔ ɖi le eŋuti ene.


Yakatsyɔ meƒo mia viwo, wodo toku tohehe la. Miaƒe yi ɖu miaƒe nyagblɔɖilawo abe dzata vuvunu ene.


Ke woɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔawo ŋu, wodo vlo eƒe nyawo, eye woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu, vaseɖe esime Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋu ɖe dzi, eye womete ŋu lé enu o.


Eye wòve fia la, gake le atam, si wòka, kple amesiwo nɔ kplɔ̃a ŋu kplii ŋuti la, eɖe se be, woatsɔe nɛ,


Eye wotsɔ eƒe ta de agba me vɛ, eye wotsɔe na nyɔnuvia, eye wòtsɔe yi na dadaa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite