Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 13:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 ke esi ɣe dze la, ŋdɔkutsu ɖu wo, eye esi ke meli na wo o ŋuti la, woyrɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 gake esi ŋdɔ ʋu ɖe wo dzi la, woyrɔ, eye woku, elabena woƒe kewo mede to o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 13:6
12 Referans Kwoze  

ke esi ke meli nɛ o ŋuti la, enɔa anyi ʋee ko, eye ne fukpekpe kple yometiti le nya la ŋuti va la, enumake woɖia enu.


nenye bena, mienɔ xɔse me, abe amesiwo gɔme wodo anyi, eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyuie ƒe mɔkpɔkpɔ, si miese, si woɖe gbe ƒã na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te, esi ƒe subɔla nye Paulo mezu la me o.


bene Kristo nanɔ anyi le miaƒe dziwo me to xɔse me,


Eye esiwo le kpe gbadza dzi la, woawo nye amesiwo, ne wole esem la, woxɔa nya la kple dzidzɔ, eye esiawo la ke meli na wo o, esiwo xɔna sena ɣeyiɣia ɖe, eye le tetekpɔ ƒe ŋkekewo me la woɖea megbe.


Dɔ kple tsikɔ mawu wo o, eye ŋdɔ kple ɣe maɖu wo o, elabena wo nuvela le wo kplɔm, eye woakplɔ wo ato tsidzidziwo ŋu.


Dɔ megale wo wu ge akpɔ o, eye tsikɔ hã megale wo wu ge akpɔ o, eye ɣe kple ŋdɔkutsu megale wo du ge o;


eye mianye amesiwo do ke, eye wotu wo ɖe eyama me, eye woli ke wo ɖe xɔse me, abe alesi wofia mi ene, eye miagba go le akpedada me.


ke bubuwo ge ɖe kpenyigba dzi, afisi womekpɔ anyi geɖe le o; eye wodo nu ɖa enumake, elabena womekpɔ anyi sɔ gbɔ o;


Bubuwo ge ɖe ŋuwo me, eye ŋuawo mie vu tsyɔ wo dzi.


eye esi ɣe dze la, ŋdɔkutsu ɖui; eye esi ke meli nɛ o ŋuti la, eyrɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite