Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 13:54 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

54 Eye esi wòva fofoawo ɖe la, efiã nu wo le woƒe ƒuƒoƒe, ale bena kuvia ɖo wo wogblɔ bena: Afika amesia kpo nenem nunya kple ŋusẽawo tsoe mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

54 Etrɔ yi fofoawo de, eye wòfia nu le woƒe ƒuƒoƒe, ke ewɔ nuku na wo ŋutɔ. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nunya kple nukunu gã siwo wɔm wòle la tsoe mahã?

Gade chapit la Kopi




Mateo 13:54
14 Referans Kwoze  

Eye wòva me, esime Yesu wu nenem nya siawo nu va la, kuvia ɖo amehawo le eƒe nufiafia la ŋuti;


Eye Yesu yi ɖatsa le Galilea katã, le nu fiãm amewo le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle gbe ƒã ɖem fiaɖuƒe la ƒe nyanyuie, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.


eye wòva nɔ du, si woyɔna be Nazaret la me, bene woawu nya, si wogblɔ ɖe anyi to nyagblɔɖilawo dzi la nu bena: Woayɔe be Nazaretetɔ.


Xɔm tso dzata ƒe nu me, eye naɖem tso tò ƒe dzowo nu.


Ke Paulo kple Barnaba ƒo nu kple dzideƒo bena: Ele vevie bena, woagblɔ mawunya na mi gbã, ke esi mieɖee ɖa tso mia gbɔ, eye miebu mia ɖokui be, miedze agbe mavɔ la o la, kpɔ ɖa, mietrɔ yi trɔ̃subɔlawo gbɔ.


Ke esi wokpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, eye wose bena, ame masrɔ̃nuwo kple ame manyanuwo wonye la, woƒe mo wɔ yaa, eye wodze si wo hã bena, woa kple Yesu wonɔ anyi.


Eva ye ŋutɔ tɔwo gbɔ, eye ye ŋutɔ tɔwo mexɔe o.


Esi amesiwo katã nyae tsã, kpo be, ele nya gblɔm ɖi kpe ɖe nyagblɔɖilawo ŋu la, amewo bia wo nɔewo bena: Nuka le Kis ƒe vi la wɔm? A, Saul hãe le nyagblɔɖilawo ɖomea?


eye amesiwo katã see la, woƒe mo wɔ yaa le eƒe nugɔmesese kple eƒe ŋuɖoɖowo ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite