Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 13:52 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

52 Eye wògblɔ na wo bena: Eyakeŋuti agbalẽfiala sia agbalẽfiala, si wowɔ nusrɔ̃lae na dziƒofiaɖuƒe la la, eɖi aƒetɔ, si ɖea nu yeyewo kple nu xoxowo ɖe go tsoa eƒe nudzraɖoƒe la me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

52 Ale wòɖo eŋu na wo be, “Eya ta sefiala ɖe sia ɖe si wofia nui tso dziƒofiaɖuƒe la ŋuti la le abe aƒetɔ aɖe si ɖe eƒe kesinɔnu yeye kple xoxoa siaa do goe tso eƒe nudzraɖoƒe la ene.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 13:52
31 Referans Kwoze  

amesi léa nyateƒenya la me ɖe asi le nufiafia la nu, bena wòate ŋu axlɔ̃ nu le nufiafia, si le blibo la me, eye woaka mo na ɖeklemiɖelawo.


Ame nyui la ɖea nu nyuiwo doa go tsoa nunyuidzraɖoƒe la, eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖiwo doa go tsoa nuvɔ̃ɖidzraɖoƒe la.


Nunyalawo ƒe nuyiwo le dzodzo dom sidzedze; ke bometsilawo ƒe dzi metoa mɔ ɖeka o.


Nye, fia Artaxsasta, mana woade se na kesinɔnu dzikpɔlawo katã le tɔsisi le ƒe go keme dzi be, nusianu, si nunɔla Ezra, amesi nye dziƒo Mawu ƒe sefiala la, abia tso mia si la, mianae pɛpɛpɛ,


Elabena Ezra tsɔ eƒe dzi ɖo Yehowa ƒe se la me dzodzro ŋu, ne wòawɔ edzi, eye wòafia ɖoɖowo kple kɔnuwo le Israel.


Le esia ta hã Mawu ƒe nunya gblɔ bena: Madɔ nyagblɔɖilawo kple apostolowo aɖo ɖe wo gbɔ, eye woawu wo dome ɖewo, eye woati wo yome,


Eyaŋuti kpɔ ɖa, mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple agbalẽfialawo dɔm ɖe mia gbɔ; miawu wo dometɔa ɖewo, eye miahe wo ɖe ati ŋuti, miaƒo wo dometɔa ɖewo kple atam le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati wo yome tso du me yi du me,


Ŋutsu ƒe numenya enye tɔ goglo, eye tɔʋu, si le tsotsom kpakakpaka la, enye nunya ƒe vudo.


Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me.


abe alesi miesrɔ̃e hã le Epafra, mia hadɔwɔla lɔlɔ̃tɔ, si nye Kristo ƒe subɔla nyateƒetɔ na mi la gbɔ ene;


nye amesi nye ame kɔkɔewo katã dome suetɔ la, wotsɔ amenuveve sia na, bene magblɔ Kristo ƒe kesinɔnu, si mele nyanya tsitsotsito o da afia le trɔ̃subɔlawo dome,


Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke.


Míafɔ ŋdi kanya ayi weingblewo me, ne míakpɔ be, weinkaawo dze, seƒoƒoawo ke, eye yevuboɖatiawo ƒo se hã? Afima matsɔ nye lɔlɔ̃ na wò le.


Ame dzɔdzɔe ƒe kutsetse enye agbeti, eye nunyala xɔa dziwo na eɖokui.


Ezra sia ho tso Babel va, enye agbalẽfiala, eye wòbi ɖe Mose ƒe se, si Yehowa, Israel ƒe Mawu, de la me. Fia la na nusiwo kalã wòbia lae, elabena Yehowa, eƒe Mawu ƒe asi le edzi.


le eya me, ne miele exlẽm la, míate ŋu adze si nye Kristo ƒe nya ɣaɣla la gɔmesese,


abe amesiwo le nu xam ene, gake wokpɔa dzidzɔ ɖaasi; abe amesiwo nye ame dahewo ene, gake wona ame geɖe zua kesinɔtɔwo; abe amesiwo si naneke mele o ene, gake nusianu le wo si.


Menye amesi ƒe dzimetɔtrɔ teƒe medidi o, bene wòagado eɖokui ɖe dzi, eye wòadze Abosam ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la me o.


Yesu gblɔ na wo bena: Ɖe miese nusiawo katã gɔmea? Wogblɔ ne bena: Ẽ.


Eye wòva ve me, esi Yesu wu lododo siawo nu la, edzo le afima.


Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, miade mawutsi ta na wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite