Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 13:46 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

46 eye esi wòkpɔ dzonu ɖeka, si ƒe asi sẽ ŋutɔ la, eyi ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye woƒlee.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

46 Eva kpɔ dzonu aɖe si xɔ asi ŋutɔ, eya ta eyi ɖadzra nu siwo katã le esi la, eye wòƒle dzonu sia.

Gade chapit la Kopi




Mateo 13:46
15 Referans Kwoze  

nye amesi nye ame kɔkɔewo katã dome suetɔ la, wotsɔ amenuveve sia na, bene magblɔ Kristo ƒe kesinɔnu, si mele nyanya tsitsotsito o da afia le trɔ̃subɔlawo dome,


amesi me woɣla nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnuwo katã ɖo.


Gake la nyemebui naneke o, eye nyemebu nye agbe hã nu xɔasi na ɖokuinye o, bena mawu nye mɔzɔzɔ kple subɔsubɔ, si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase le Mawu ƒe amenuveve nyanyuie la ŋuti.


Dziƒofiaɖuƒe la ɖi kesinɔnu, si woɣla ɖe abɔ me, esi amea ɖe kpɔ, eye wòtsɔe ɣla; eye le dzidzɔ, si wòkpɔ le eŋuti ta la, eyi ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye wòƒle nenem abɔ ma.


eye dziɖeɖi, xɔname geɖe, nunya kple sidzedze anɔ wò ŋkekewo me; Yehowa-vɔvɔ̃ anye wò kesinɔnu.


ne édii abe klosalo ene, eye nèdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le to me ene la,


Eye agbo wuieveawo nye adzagba wuieve, agboawo dome ɖesiaɖe nye adzagba ɖeka; eye dua ƒe ablɔ nye sika dzadzɛ abe ahũhɔ̃e, si me wokpɔa nu tonɛ la ene.


Ke nye la megava me nam bena, maƒo adegbe o, negbe le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe atitsoga la ŋuti ko, amesi me woto klã xexeame ɖe atitsoga ŋu nam, eye nye hã woklãm ɖe atitsoga ŋu na xexeame.


Dziƒofiaɖuƒe la gaɖi asitsala, si le dzonu nyuiwo dim;


Dziƒofiaɖuƒe la gaɖi ɖɔ, si woɖi ɖe ƒu me, eye wòɖe lã ƒomevi geɖewo;


Adzɔnu siawo nye: Sika kple klosalo kple kpe xɔasiwo kple adzagbawo kple aklala biɖibiɖi kple aɖabɛ kple seda kple awu dzi kple ati ʋeʋẽe ƒomeviwo katã kple nyiɖu ƒe aɖaŋunu bubu ƒomeviwo katã kple ati xɔasi kple gadzẽ kple ga kple kpe xɔasi ƒe aɖaŋunu bubu ƒomeviwo katã


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite