Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 13:43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Tete ame dzɔdzɔeawo laklẽ abe ɣe ene le wo Fofo ƒe fiaɖuƒe la me Amesi to senu ti nɛ la, nesee.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

43 Ke ame dzɔdzɔewo aklẽ abe ɣe ene le wo Fofo ƒe fiaɖuƒe la me. Ame si to senu li na la nese nya siawo.

Gade chapit la Kopi




Mateo 13:43
14 Referans Kwoze  

Nunyalawo aklẽ abe dziŋgɔli ƒe keklẽ ene, eye amesiwo fia dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ nu ame geɖewo la, abe dzinuviwo ene ɖaa tegbee.


Ha sue, megavɔ̃ o! Elabena edze mia Fofo la ŋu be, yeatsɔ fiaɖuƒe la na mi.


Amesi to senu ti nɛ la, nesee.


Tete fia la agblɔ na amesiwo le eƒe nuɖusi me la bena: Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome!


Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, miɖo to: Ɖe menye Mawue ɖia xexeame ame dahewo, be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me kple fiaɖuƒe, si ŋugbe wòdo na amesiwo lɔ̃nɛ la, ƒe domenyilawo o mahã?


Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.


eye nye la mele fiaɖuƒe ɖom ɖi na mi, abe alesi Fofonye hã ɖoe ɖi nam ene,


Ke mele egblɔm na mí bena: Tso esia dzi la nyemegale weinkutsetse sia me tsi no ge, vaseɖe ŋkeke ma dzi, esi mía kpli mi miano yeye le Fofonye ƒe fiaɖuƒe la me o.


Mele amama, eye miedo awu nam; nye lãme gblẽ, eye mieva kpam ɖa, mele gaxɔ me, eye mieva gbɔnye.


Amesi to senu li nɛ la, nesee.


Ke ne Israel-viwo kpɔ Mose ƒe mo wòle keklẽm la, Mose gatsyɔa nu ŋku me, vaseɖe esime wòagayi nu ƒo ge kplii.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite