Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 13:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Tete esi Yesu ɖe asi le amehawo ŋu la, eva aƒe me. Eye eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ bena: Ɖe abɔ me gbe wuwluiawo ƒe lododoa gɔme na mi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

36 Azɔ egblẽ ameha la ɖe kpɔa godo, eye wòge ɖe aƒea me. Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ be, “Ɖe lo si nèdo tso bligble kple gbeku vɔ̃wo ŋuti la gɔme na mí.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 13:36
13 Referans Kwoze  

Ke wo nu anɔ ame akpe ene, eye wòdo mɔ wo.


Eye esi wòdzo le ameha la gbɔ yi ɖe aƒe me la, eƒe nusrɔ̃lawo bia lo la gɔmee.


Eye enumake wòƒoe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo nu be, woaɖo ʋu, ne wòadze ye ŋgɔ ayi go keme dzi ɖe Betsaida, vaseɖe esime ye ŋutɔ yeaɖe asi le ameha la ŋu.


Eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Elabena miawo la, wona mi bena, mianya dziƒofiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woawo la, womèna wo o.


Gbemagbe ke Yesu do go tso aƒe la me yi ɖabɔbɔ nɔ anyi ɖe ƒua nu.


Eye esi wòyi ɖe aƒea me la, ŋkuagbãtɔwo va egbɔ, eye Yesu gblɔ na wo bena: Miexɔe se bena, mate ŋu awɔ esia mahã? Eye wogblɔ nɛ bena: Ẽ, Aƒetɔ.


Eye esi wòdo mɔ amehawo la, eɖo ʋu va Magdala-nutoawo me.


Eye Yesu ƒoe ɖe nusrɔ̃lawo nu enumake bena, woaɖo nu adze ye ŋgɔ ayi go keme dzi, vaseɖe esime yeaɖe asi le amehawo ŋu.


Eye ne menye lododowo o la, meƒoa nu na wo o; ke ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe woli la, eɖea nuwo katã gome fia wo.


Miawo la, azɔ miɖo to lododo la le nukuwula ŋuti.


eye esi amewo dɔ alɔ la, eƒe futɔ la va wu gbe wuwlui ɖe lua domee, eye wòdzo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite