Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 13:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 bena woawu nya, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu bena: „Make nye nu kple lododowo; eye maɖe nu ɣaɣla, siwo woyia tso keke xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me ke la afia.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

35 elabena woawu nya si nyagblɔɖilawo gblɔ ɖi la nu be, “Maƒo nu to lododowo me, eye maɖe nu ɣaɣla siwo li tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me ke la gɔme.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 13:35
24 Referans Kwoze  

Make nye nu kple lododowo, eye mate blemadzowo.


eye bene mana keklẽ naklẽ na wo katã, bene woanya nusi nye nya ɣaɣla, si woɣla ɖe Mawu, si wɔ nuwo katã la me tso ŋɔli mavɔwo me la, ƒe nuɖoanyi la,


ke boŋ míegblɔa Mawu ƒe nunya, si le ɣaɣla la, le nya ɣaɣla me, nunya, si Mawu ɖo anyi, hafi woɖo xexeme gome anyi hena miaƒe ŋutikɔkɔe la,


Fofo, amesiwo nètso nam la, mele didim bena, afisi nye la mele la, ne woamawo hã nanɔ ŋutinye, bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe, si nètsɔ nam; elabena èlɔ̃m, hafi woɖo xexeame gɔme anyi.


Elabena Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe ɖɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.


Tete fia la agblɔ na amesiwo le eƒe nuɖusi me la bena: Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome!


si womèna amegbetɔviwo nya le ŋɔli bubuwo me o, abe alesi woɖee fia eƒe apostolowo kple nyagblɔɖila kɔkɔewo le Gbɔgbɔ la me azɔ la ene o,


Kpɔ ɖa, gbaɖegbe nyawo va me, magblɔ yeyewo, eye mana miasee, hafi woava dzɔ.


Eye anyigbadzinɔla, siwo katã ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe alẽvi, si wowu la, ƒe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, woasubɔe.


Eye woawu Yesaya ƒe nyagblɔɖi, si wògblɔ le wo ŋuti la nu bena: „Miase nu kple to, eye miele egɔme se ge gbeɖe o; míakpɔ nu kple ŋku, eye miele si dze gee gbeɖe o;


Nye nu agblɔ nunya, eye gɔmesese enye nye dzimesusuwo.


Lã, si nekpɔ la, enɔ anyi, eye megali o, eye wòle dodo ge atso aʋli me, eye wòayi ɖe gbegblẽ me. Eye ne anyigbadzinɔla, siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, akpɔ lã la ɖa, alesi wònɔ anyi, eye megali o, eye wòagava la, woƒe mo awɔ yaa.


Gake mele sesẽ ge na Tiro kple Zidon le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me abe miawo ene o.


wònya tso keke blema ke la wɔm.“


Esime Mawu ƒo nu na fofoawo le blemaŋɔli to nyagblɔɖilawo dzi zi geɖewo le nya ƒomevi geɖewo me la, eƒo nu kple miawo hã le ŋkeke mamletɔ siawo me le Via me,


eye wòke nu, fia nu wo gblɔ bena:


Eye wògblɔ nya geɖewo na wo le lododowo me bena: Kpɔ ɖa, nukuwula do go yi nuku wu ge;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite