Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 13:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye aƒeatɔ ƒe dɔlawo va egbɔ gblɔna bena: Aƒetɔ, alo ɖe menye nuku nyui nèwu ɖe wò abɔ me oa? Afika gbe wuwlui la tso?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 “Agbleatɔ ƒe dɔlawo va agbletɔ la gbɔ va biae be, ‘Aƒetɔ, alo menye nuku nyui nèƒã ɖe wò abɔ me oa? Afi ka gbeku vɔ̃ siawo tso?’

Gade chapit la Kopi




Mateo 13:27
17 Referans Kwoze  

Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena mialé ŋku ɖe amesiwo wɔa mamãwo kple nuɖiaɖiawo ɖe nufiafia, si miesrɔ̃ ŋu la ŋuti, eye milé mia ɖokui ɖa tso wo gbɔ.


Esi míenye hadɔwɔlawo ŋuti la, míele nu xlɔ̃m mi hã bena, miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.


ke boŋ le nuwo katã me la mieɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔlawo ene; Le dzidodo geɖe me, le xaxawo me, le hiãkamewo me, le momenuvevewo me,


Ke ne Timoteo va la, mikpɔ nyuie, bena wòagavɔ̃ le mia gbɔ o, elabena ewɔa Aƒetɔ la ƒe dɔ la abe nye ke ene.


Mi ahasiwɔlawo, mienya bena, xexeame ƒe xɔlɔ̃dzedze enye ketɔnyenye na Mawu oa? Eyaŋuti amesi dina be, yeanye xexeame ƒe xɔlɔ̃ la, etso eɖokui wɔ Mawu ƒe ketɔ.


eye esi amewo dɔ alɔ la, eƒe futɔ la va wu gbe wuwlui ɖe lua domee, eye wòdzo.


Ke esi lu la tsi, eye wòtse ku la, gbe wuwluiawo hã do.


Eya gblɔ na wo bena: Futɔ lae wo esia. Dɔlawo gblɔ ne bena: Ekema elɔ̃? be, míayi aɖagae mahã?


Elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖi aƒetɔa ɖe, si do go ŋdikanya, be yeadɔ dɔwɔlawo de yeƒe weinbɔ me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite