Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 13:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 eye esi amewo dɔ alɔ la, eƒe futɔ la va wu gbe wuwlui ɖe lua domee, eye wòdzo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 ke esi wòmlɔ anyi le zã me la, eƒe futɔ va ƒã gbeku vɔ̃wo ɖe bliawo dome.

Gade chapit la Kopi




Mateo 13:25
19 Referans Kwoze  

Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene;


Ke aʋatsonyagblɔɖilawo va tsi tre le dukɔ la dome, abe alesi aʋatsonufialawo lava míawo hã mia dome ene, amesiwo latsɔ gbegblẽ ƒe kɔmamãwo ava tra ɖe eme dzaa, eye woagbe nu le Aƒetɔ, si xe fe ɖe wo ta la gbɔ, eye woahe gbegblẽ kpatakpata ava wo ɖokui dzi.


eye futɔ, si le wo wum la, enye Abosam, eye nuŋeɣi la enye xexeame ƒe nuwuwu, ke nuŋelawo nye mawudɔlawo.


Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame kalẽ blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.


Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagade megbe tso Mawu ƒe amenuveve la gbɔ o, bena veve ƒe ke nagamie aɖe fu na mi, eye wòaƒo ɖi ame geɖe o,


Eye esi ŋugbetɔsrɔ̃ la tsi anyi la, wo katã wodɔ akɔlɔ̃e, eye wodɔ alɔ.


Ke wowɔe le aʋatsonɔvia ɖewo, siwo be va tra ɖe eme, bene woatsa ŋku miaƒe ablɔɖenyenye, si le mía si le Kristo Yesu me la me, bene yewoawɔ mí kluviwo ƒã la ŋuti,


Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, neɖe mɔ na nyɔnu Isabel, si yɔ eɖokui bena nyagblɔɖila, eye wòfiã nu nye dɔlawo heble wo, bene woawɔ ahasi, eye woaɖu nusiwo wosa vɔ na trɔ̃wo.


Eye woble anyigbadzinɔlawo de dzesi, si wotsɔ nɛ, be wòawɔ le lã la ƒe ŋku me la ŋuti hele gbɔgblɔm na anyigbadzinɔlawo bena, woawɔ legba de lã, si ŋu wode abii kple yi, eye wòle agbe la ƒe nɔnɔme me nɛ.


Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi amesi le nuku nyui wum ɖe eƒe abɔ me;


Ke esi lu la tsi, eye wòtse ku la, gbe wuwluiawo hã do.


Eye aƒeatɔ ƒe dɔlawo va egbɔ gblɔna bena: Aƒetɔ, alo ɖe menye nuku nyui nèwu ɖe wò abɔ me oa? Afika gbe wuwlui la tso?


Ke eya gblɔ bena: O, ne miele gbe wuwluiawo gam la, míava àho luawo hã akpe ɖe wo ŋuti mahĩ!


Mina wo kpakple eve la katã natsi vaseɖe nuŋeɣi, eye ne nuŋeɣia ɖo la, magblɔ na nuŋelawo bena: Miƒo gbe wuwluiawo nu ƒu gbã, eye mibla wo tatata, bena woatɔ dzo wo; ke lu la, miƒo eya nu ƒu ɖe nye ava la me.


Tete wòfɔ le zã titina kɔ vinye le axanye, esime wò dɔlanyɔnu le alɔ dɔm, eye wòtsɔe mlɔ eƒe akɔnu hetsɔ kukua mlɔ nye akɔnu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite