Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 13:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi amesi le nuku nyui wum ɖe eƒe abɔ me;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Lo bubu si Yesu gado hãe nye esi: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ame si ƒã bli ɖe eƒe agble me ene,

Gade chapit la Kopi




Mateo 13:24
23 Referans Kwoze  

Ekema dziƒofiaɖuƒe la aɖi ɖetugbi ewo, siwo do go kple woƒe akaɖiwo, bena yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃.


Elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖi aƒetɔa ɖe, si do go ŋdikanya, be yeadɔ dɔwɔlawo de yeƒe weinbɔ me.


Dziƒofiaɖuƒe la gaɖi ɖɔ, si woɖi ɖe ƒu me, eye wòɖe lã ƒomevi geɖewo;


Dziƒofiaɖuƒe la ɖi fiãa ɖe, si wɔ srɔ̃ɖeŋkekenyuie na via,


Eye wòɖo eŋu na wo bena: Amesi le nuku nyuia wum la, eya nye amegbetɔvi la;


Eye wògagblɔ bena: Nuka ŋu matso mawufiaɖuƒe la aɖoe mahã?


Eye wògblɔ bena: Nuka mawufiaɖuƒe la ɖi, eye nuka ŋu matsɔe aɖo mahã?


Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi amɔwɔ ʋaʋã, si nyɔnua ɖe tsɔ de amɔwɔ dzidzenu etɔ̃ me, halase esime wòʋã keŋkeŋ.


Elabena wogbugbɔ mi dzi, menye tso dzidzi gbegblẽ me o, ke boŋ tso dzidzi magblẽmagblẽ me heto Mawu ƒe nya gbagbe, si noa anyi tegbetegbe la me.


Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi logoku, si amea ɖe tsɔ ƒã ɖe eƒe abɔ me;


Eyaŋuti wotso dziƒofiaɖuƒe la ɖo fiãa ɖe, si le didim be, yeabu akɔnta kple eƒe dɔlawo la ŋu.


Amesiame, si le fiaɖuƒe la ŋutinya sem, eye mesea egɔme o la, vɔ̃ɖitɔ la lava aha nusi wowu ɖe eƒe dzi me. Esia enye amesi gbɔ wowui ɖe mɔto le la.


le gbɔgblɔm bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me: elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ.


Mise lo bubu: Aƒetɔa ɖe de weingble, eye wòtɔ kpɔ ɖe eŋu godoo, eye wòwɔ weinfiãnu ɖe eme, eye wòtu mɔ̃ ɖe eme, eye wòtsɔe ɖe asi na weingbledelawo, eye wòyi nugbe.


Eye Yesu yi ɖatsa le Galilea katã, le nu fiãm amewo le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle gbe ƒã ɖem fiaɖuƒe la ƒe nyanyuie, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.


le mɔkpɔkpɔ, si wodzra ɖo na mi le dziƒowo me, si miese tsã le nyanyuie ƒe nyateƒenya la me la ŋuti,


Amevi, to adzo, eye nado lo na Israel ƒe aƒe la


Eyata Yehowa ƒe nya ava me ɖe wo ŋu be. Se ɖe se dzi, se ɖe se dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, afi ʋee, game ʋee, ne woazɔ ahate gbugbɔɖemegbee adze anyi, eye woagbã gudugudu, mɔ̃ aɖe wo, eye asi atu wo.


Se ɖe se dzi, se ɖe se dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, afi ʋee, game ʋee.


eye esi amewo dɔ alɔ la, eƒe futɔ la va wu gbe wuwlui ɖe lua domee, eye wòdzo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite