Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 13:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke nusi wowu ɖe ŋuwo me la, eya nye amesi le nya la sem, eye tete xexeame ƒe agbagbadzedze kple kesinɔnuwo ƒe beble vu tsyo nya la dzi, eye wòtsi matsematse la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Anyigba si dzi yɔ kple ŋuve lae nye ame si sea mawunya la, gake dzitsitsi ɖe xexemenuwo kple kesinɔnuwo ŋu hea eƒe susu ɖa tso mawunya la gbɔ, eya ta metsea ku aɖeke na Mawu o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 13:22
42 Referans Kwoze  

De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti do la dzi;


Eye esi ge ɖe ŋuwo me la, woawo nye amesiwo see, eye wodzo heyi, eye agbagbadzedze kple kesinɔnuwo kple agbe ƒe dzidzɔwo vu tsyɔ wo dzi, eye wometsena ɖina o.


Eye wògblɔ na wo bena: Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le ŋukeklẽ ŋuti; elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.


Elabena Dema gblẽm tii, le esi wògalɔ̃ fifi xexe sia me la ŋuti, eye wòyi ele Tesalonika; Kreske yi de Galatia, Tito yi de Dalmatia.


Bubuwo ge ɖe ŋuwo me, eye ŋuawo mie vu tsyɔ wo dzi.


Ale amesi le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la, le enye si.


Eyata Mawu hã agbã wò aƒu anyi ɖikaa, alé wò, eye wòahe wò aƒu gbe tso agbadɔ me, eye wòaho wò kple ke tso agbagbeawo ƒe anyigba dzi. Sela.


Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o;


Elabena ale Yehowa gblɔ na Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalem enye si: Mide agble yeye, eye migaƒã nu ɖe aŋɔkawo me o.


Amesi ɖo ŋu ɖe eƒe kesinɔnu ŋu la, adze anyi; ke ame dzɔdzɔewo ade ama abe aŋgba ene.


Vavã, tofloko enye amegbetɔviwo, eye alakpa enye ameviwo; wole wodzoo le nudanu me, elabena wo katã la tofloko wonye.


Ke esi Simon kpɔ bena, to apostolowo ƒe asidada ɖe ame dzi me wona Gbɔgbɔ kɔkɔe la, etso ga vɛ na wo


Amea de eya ɖeka kolia li, eye evelia mekpe de eŋu o, ŋutsuvi alo nɔviŋutsu hã mele esi o, gake eƒe agbagbadzedzewo mewua enu o, eye kesinɔnuwo meɖia ƒo na eƒe ŋkuwo o. Ke ameka la gɔ̃e mehele agbagba dzem, eye mele nu nyui tsrim na ɖokuinye do? Esia hã tofloko kple agbagbadzedze vɔ̃di wònye!


Ne èkpɔe ɖa la, maganɔ anyi o, elabena eto aʋala hedzo yi dzi abe hɔ̃ ene.


Eye ne amea ɖe agblɔ nya ɖe amegbetɔvi la ŋuti la, woatsɔe akee, ke amesi ke agblɔ nya ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋuti la, womatsɔe akee le xexe sia alo esi lava, va la me o.


eye futɔ, si le wo wum la, enye Abosam, eye nuŋeɣi la enye xexeame ƒe nuwuwu, ke nuŋelawo nye mawudɔlawo.


Azɔ la sigbe alesi woƒoa gbe wuwluiwo nu ƒu, eye wotɔa dzo wo la, nenema ke wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu.


Eye migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.


Afika nunyala le? Afika agbalẽfiala le? Afika xexe sia me ƒe anukutsyɔla le? Alo menye Mawu trɔ xexe sia me ƒe nunya wòzu bometsitsi o ɖe?


Ke nunya gblɔm míele le amesiwo zu blibo la dome, ke menye xexe sia me nunya, alo xexe sia me dziɖula, siwo atsrɔ̃ la to o;


si xexe sia me dziɖulawo dometɔa ɖeke medze sii o, elabena ɖe wodze sii la, anye ne womeklã ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o.


Amea ɖeke nagable eɖokui o: Ne mia dome amea ɖe bu eɖokui nunyala le xexe sia me la, nezu bometsila, bene wòazu nunyala.


amesiwo dome xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu le la, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.


amesi tsa eɖokui hena le mia nuvɔ̃ ŋuti, bene yeaɖe mí atso xexeme vɔ̃ɖi, si li fifia me le Mawu, mía Fofo, ƒe lɔlɔ̃nu la nu,


esiwo me miezɔna le tsã le xexe sia me ƒe ŋɔli le nu, le yameŋusẽ ƒe fia, si nye gbɔgbɔ, si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me la nu —


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite