Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 13:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Elabena amesi ke nu le esi la, eya woana nui, eye woagbã go ne: ke amesi ke nu mele esi o la, nusi ke le esi la, woaxɔ eya hã le esi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ame si si nu le la, eyae woana nui ale be nu si le esi la nasɔ gbɔ ɖe edzi, ke ame si si nu mele o la, sue si le esi hã la, woaxɔe le esi wòatsi asi ƒuƒlu.

Gade chapit la Kopi




Mateo 13:12
17 Referans Kwoze  

Elabena amesiame, si nu le esi la, woana nui, woagbã go nɛ: ke amesi si nu mele o la, nusi le esi la, woaxɔ eya hã le esi.


Eyaŋuti mikpɔ nyuie, alesi miese; elabena amesi nu le esi la, woanae; eye amesi nu mele esi o la, woaxɔ nusi wòsusu be, ele ye si hã le esi.


Eyata ɖo ŋku afisi nège tso la dzi, ne natrɔ le dzi me, eye nawɔ gbã dɔwɔwɔawo; ne menye nenem o la, mava gbɔwò kaba, eye maɖe wò akaɖiti la ɖa tso enɔƒe, ne mètrɔ le wò dzi me o.


Ke Abraham gblɔ bena: Vinye, ɖo ŋku edzi bena, exɔ wò nu nyuiwo vo le wò agbenɔɣi me, eye nenema ke Lazaro xɔ vɔ̃awo; ke azɔ la wole akɔ fam nɛ le afii, eye wò la èle fu kpem.


Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ, si atse ku la.


Eye wòyɔe gblɔ nɛ bena: Aleke wɔ, eye mese esia le ŋuwò mahã? Bu akɔnta le wò xɔnuvinyenye la ŋuti, elabena megale ŋu te ge anye xɔnuvi gbeɖe o.


elabena Maria lia nyuia gome, si womele xɔxɔ ge le esi o.


Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo la, Amegbetɔvi la akpe ŋu eya hã, ne ava le eya ŋutɔ kple Fofoa kple mawudɔla kɔkɔeawo ƒe ŋutikɔkɔe la me.


Azã nuka weingble la ƒe aƒetɔ awɔ mahã? Ava, eye woatsrɔ̃ agbledelawo, eye wòatsɔ weingble la aɖe asi na ame bubuwo.


eye amesi menyae o, ke wòwɔ nusi dze ƒoƒo la, woaƒoe ʋee. Eye amesiame, si wona nu geɖee la, woabia nu geɖe le esi; eye amesi wode nu geɖe, esi la, woabia nu geɖe wu le esi.


Ke ena amenuveve geɖe wu. Eyaŋuti wogblɔ bena: „Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti; ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.“


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite