Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 12:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke ɖe mienya nusia bena: „Nublanuikpɔkpɔ dim mele, eye menye numeme o“ gɔme la, anye ne miedo ɖe amesiwo ŋu nuvɔ̃ mele o la, ta o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Mawunya aɖe gblɔ be, ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele tso mia gbɔ, ke menye miaƒe vɔsawo o.’ Ne ɖe miese mawunya sia gɔme la, anye ne miahe nya ɖe ame siwo medze agɔ o la ŋu o,

Gade chapit la Kopi




Mateo 12:7
14 Referans Kwoze  

Elabena lɔlɔ ƒe nu dze ŋunyie vu akpeɖavɔsa, eye sidzedze Mawu dze ŋunye wu numevɔsa.


Ke miyi ɖasrɔ̃ nusia gɔme. „Nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye numeme o.“ Elabena nyemeva ame dzɔdzɔewo yɔ ge o, negbe nuvɔ̃wɔlawo ko.


Amesi tso afia nyui na ame vɔ̃ɖi kple amesi bu fɔ ame dzɔdzɔe la, ŋunyɔ woa kple eve la siaa wonye na Yehowa.


Elabena amesiwo le Yerusalem kple woƒe dziɖulawo, esi womedze si amesia kple nyagblɔɖilawo ƒe gbe, siwo woxlẽna le Sabat sia Sabat dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me.


Eye Yesu ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Mieda ƒu, elabena mienya ŋɔŋlɔawo kple Mawu ƒe ŋusẽ la o.


Wode ha bibibi ɖe ame dzɔdzɔe la ƒe luʋɔ ŋu, eye wobu fɔ ʋu maɖifɔ.


Miebu fɔ ame dzɔdzɔe la, eye miewui, eye metsi tre ɖe mia ŋuti o.


Elabena ele tsitre ɖe ame dahe la ƒe nuɖusi me, ne yeaxɔe tso amesiwo le fɔ bumee la si me.


eye exɔlɔ̃ etɔ̃awo ŋue dzi kui do, elabena womekpɔ nyaa ɖeke aɖo ŋu atsa abu fɔ Hiob o.


Tete Samuel gblɔ bena: A, numevɔsawo kple akpedavɔsawoe dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Kpɔ ɖa, toɖoɖo nyo wu vɔsa, eye nusese nyo wu agbo ƒe ami


eye be woalɔ̃e kple dzi blibo kple gɔmesese blibo kple luʋɔ blibo kple ŋusẽ blibo, eye be woalɔ̃ ame havi abe ame ŋutɔ ɖokui ene la, le wu numemewo kple vɔsasawo katã.


Amesiwo katã ʋu la, tso aʋa, ke amesiwo katã wodzi le mɔ ta le gbedzi, esime woʋu tso Egipte la, metso aʋa o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite