Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 12:50 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

50 Elabena amesi ke le Fofonye, si le dzi ƒowò, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la, eyae nye nɔvinyeŋutsu, enye nɔvinyenyɔnu, ganye danye hã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

50 Eyi edzi be, “Ame si le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm lae nye danye, nɔvinye ŋutsu kple nɔvinye nyɔnu.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 12:50
38 Referans Kwoze  

Eye wòɖo eŋu na wo bena: Danye kple nɔvinyewo nye esiawo, amesiwo le mawunya la Sem, eye wole edzi wɔm.


Amesi ke awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, eya kee nye nɔvinyeŋutsu, ganye nɔvinyenyɔnu, ganye danye hã.


Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi.


Yesu ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Esiae nye Mawu ƒe dɔwɔwɔ la bena, miaxɔ amesi wòdɔ ɖa la, dzi ase.


Tete Yesu gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o! Miyi ɖaka eta na nɔvinyewo bena, wòayi Galilea, eye afima woakpɔm le.


Elabena amesiwo wonya ɖi la, eɖo wo ɖi hã, bene woanye Via ƒe nɔnɔme tɔgbe, bene wòanye ŋgɔgbevi le nɔvi geɖewo dome.


Elabena esiae nye Fofonye la ƒe lɔlɔ̃nu, bena amesiame, si le Via kpɔm, eye wòle edzi xɔm le sesem la, akpɔ agbe mavɔ, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.


Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.


Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.


nyɔnu tsitsiwo abe dadawo ene, ɖetugbiwo abe nɔvinyɔnuwo ene le dzadzɛnyenye katã me.


bena miaganɔ agbe na amewo ƒe nudzodzrowo le ɣeyiɣi, si susɔ be, mianɔ agbe le ŋutilã me la me o, ke boŋ hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso kple aʋamatsomatso siaa menye naneke o, ke nuwɔwɔ yeye boŋ.


Yesu gblɔ nɛ bena: Megaka asi ŋunye o; elabena nyemekpɔ yi dziƒo, Fofo la gbɔ, haɖe o, ke yi nɔvinveŋutsuwo gbɔ, eye nagblɔ na wo bena: Meyina dziƒo ɖe Fofonye kple miawo hã mia Fofo, nye Mawu kple miawo hã mia Mawu la gbɔ.


Woayra amesiwo nyẽ woƒe awuwo, bene woana ŋusẽ wo woava agbeti la gbɔ, eye ne woato agboawo nu ayi ɖe du la me.


afisi Helatɔ kple Yudatɔ, aʋatsotso kple aʋamatsomatso, gbegãdzitɔwo kple Skitetɔ, kluvi kple ablɔɖevia ɖeke megali o, ke Kristo enye wo katã, eye wòle wo katã me.


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso mate ŋu awɔ naneke o, eye aʋamatsomatso hã nenema ke, hafi boŋ xɔse, si sẽa ŋu le bla me lae.


Eye ɣeyiɣi, siwo me womenya nu o la, Mawu ŋe aɖaba ƒu dzi; ke azɔ la ede se na amewo katã le afisiafi bena, woatrɔ le woƒe dziwo me;


Esi wogale nuƒoƒo la dzi la, kpo ɖa, alilikpo, si klẽ la, do vɔvɔli ɖe wo dzi; eye kpɔ ɖa, goe tso alilikpo la me gblɔ bena: Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!


Xɔm tso dzata ƒe nu me, eye naɖem tso tò ƒe dzowo nu.


eye esi wowɔe blibo la, ezu agbexɔxɔ mava ƒe gɔmeɖola na amesiwo katã ɖoa toe,


Elabena metsɔ Mawu ŋuʋaʋã le ŋu ʋãm le mia ŋu, elabena medo mia ŋugbe na ŋutsu ɖeka, bena matso ɖetugbi dzadzɛ atu tsitre na Kristo.


ke boŋ megblɔe fia Damaskotɔwo gbã, kple amesiwo le Yerusalem kple Yudea nutometɔwo katã kpakple trɔ̃subɔlawo hã, bena woatrɔ le woƒe dzi me, eye ne woagbugbɔ ava Mawu gbɔ, ne woawɔ dɔ, siwo dze dzimetɔtrɔ.


Tete wòaɖo ŋu na wo agblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mí bena: Nusianu, si miewɔ na nenem me sue siawo dometɔ ɖeka o la, miewɔe na nye hã o.


Alo ɖe miekpɔ ŋusẽ bena, míakplɔ nɔvinyɔnu, si anye mía srɔ̃ la, anɔ nugbe yim, abe alesi apostolo bubuawo kple Aƒetɔ la nɔviwò kpakple Kefa hã wona ene oa?


Nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ enye abɔ, si ƒe ʋɔ wodo, vudo, si nu wotu nu do, kple tsidzɔƒe, si nu wotre.


Eye wòdo eƒe abɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi gblɔ bena: Kpɔ danye kple nɔvinyewo ɖa!


Gbemagbe ke Yesu do go tso aƒe la me yi ɖabɔbɔ nɔ anyi ɖe ƒua nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite