Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 12:45 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 Tete la Wòtɔ edzi heyi ɖatsɔ gbɔgbɔ bubu adadre, siwo vɔ̃ɖi wu ye ŋutɔ la, hekpe ɖe eɖokui ŋuti, eye esi woyi ɖe eme la, wonɔ afima; eye nenem me sia ƒe anyinɔnɔ megbetɔ va vɔ̃ɖi wu gbãtɔ; nenema ke wòanɔ na nenem dzidzime vɔ̃ɖi sia hã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

45 Ekema gbɔgbɔ vɔ̃ la yina ɖayɔa gbɔgbɔ vɔ̃ adre bubu siwo vɔ̃ɖi wui la kpena ɖe eɖokui ŋu, wogena ɖe amea me. Esia wɔnɛ be ame sia ƒe nɔnɔme gblẽna ɖe edzi wu tsã. Alea tututu wòanɔ na dzidzime vɔ̃ɖi siae.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 12:45
23 Referans Kwoze  

Tete la wòdzo heyi ɖatsɔ gbɔgbɔ bubu adre, siwo vɔ̃ɖi wu ye ŋutɔ hekpe ɖe eɖokui ŋuti, eye woyi ɖe eme, eye wonɔ afima, eye amesia ƒe anyinɔnɔ mlɔetɔ va vɔ̃ɖi wu gbãtɔ.


Eye wòbiae bena: Wò ŋkɔ ɖe? Eye wòɖo eŋu nɛ bena: Nye ŋkɔe nye Legio; elabena mi ame geɖewoe.


Ke esi Yesu tsi tre le kwasiɖa gbãtɔ ƒe ŋdikanya la, eɖe eɖokui fia Maria, Magdalatɔ gbã, amesi me wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ adre do go le.


Ke miawo míenye amesiwo gbugbɔna ɖe megbe ɖe gbegblẽ me la dometɔwo o, ke boŋ amesiwo xɔnɛ sena hena luʋɔ xɔxɔ la dometɔwo míenye.


Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo, miele tagbatsu tsyɔm, ke kposɔ miemina.


Ke esi farisitɔwo see la, wogblɔ bena: Nenem me sia manyã gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe, ne menye to Beelzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi o.


elabena míele kame tem kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ mía kple dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me kpakple vɔɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me lae le kame tem.


Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena mietsana le ƒu kple anyigba dzi bena miawo trɔ̃subɔla ɖeka wòazu Yudatɔ, eye ne ezui la, ekema miewɔe dzomavɔʋe ƒe vi, si wu mia ŋutɔwo zi eve.


Tete wògblɔ bena: Magbugbɔ ayi ɖe nye aƒe, si me metso va la me; eye esi wòva la, ekpɔe wòle ƒuƒlu, wokplɔ eme, eye woɖo atsyɔ nɛ.


Ne nunɔla la kpɔ bena, nu la teƒe nye ɖe me wu ŋutigbalẽ bubuawo, eye fuawo lu ɣie la, ekema nunɔla la nabui ame makɔmakɔe; anyie wònye ƒo ɖe nuƒoƒo la teƒe.


Ke esia ƒomevi la mele go do ge o, ne menye to gbedodoɖa kple nutsitsidɔ me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite