Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 12:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Niniwe-ŋutsuwo atsi tre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kple nenem dzidzime sia, eye wòabu fɔe; elabena wòtrɔ le woƒe dzi me le Yona ƒe gbeƒẽɖeɖe la nu; eye kpo ɖa, amesi wu Yona la, le afii!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

41 Le ʋɔnudrɔ̃gbe la, Ninivetɔwo kura gɔ̃ hã abu fɔ dukɔ sia, elabena woawo la, wotrɔ dzime esime Yona va gblɔ mawunya na wo. Ke ame si kɔ wu Yona boo la le afii, gake dukɔ sia gbe be yewomaɖo toe o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 12:41
20 Referans Kwoze  

Dziehe-fianyɔnu la atsi tre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kple nenem dzidzime sia, eye wòabu fɔe; elabena etso keke anyigba seƒe ke va Salomo ƒe nunya se ge; eye kpɔ ɖa, amesi wu Salomo la, le aɖi!


Le xɔse me Noa, esime wòxa ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe, nusi me wòto bu fɔ xexemetɔwo, eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.


Eye amesi nye aʋamatsomatsotɔ tso dzɔdzɔ me, gake wowu sea nu la, adrɔ̃ ʋɔnu wò amesi wònye agbalẽŋlɔdzesi kple aʋatsotso li na wò hafi, gake nèda se la dzi.


Amesi tso dziƒo gbɔna la, eya ƒo wo katã ta; amesi tso anyigba la, anyigba wòtso, eye anyigbanuwo ŋu wò ƒoa nu lena; amesi tso dziƒo gbɔna la, eya ƒo wo katã ta.


Ke mele egblɔm na mi bena: Amesi wu mawuxɔa la, le afii.


Tso, nayi Niniwe, du gã la me, eye nagblɔ nya ɖi ɖe eŋu; elabena woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ va ŋkunye me.


Tete Yehowa gblɔ nam bena: Israel dzeaglã la tɔ dzɔ wu Yuda dzego la tɔ.


Alo ɖe nèwu mía fofo Yakob, amesi na vudo la mi, eye eya ŋuta kple viawo kpakple eƒe lãwo no eme tsi mahã?


Niniwe-ŋutsuwo atsi tre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kple dzidzime sia, eye woabu fɔe; elabena wotrɔ le woƒe dzi me le Yona ƒe gbeƒãɖeɖe nu, eye kpɔ ɖa, amesi wu Yona, le afisi!


Vava mele egblɔm na mi bena: Nenem nusiawo katã ava dzidzime sia dzi.


Ke Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime, si tro kpaɖikpaɖi; ɣekaɣie manɔ anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣie mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Mikplɔe va gbɔnye afii!


Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi le dzesi biam, eye womelé dzesi na gee o, negbe Yona ƒe dzesi la ko. Tete wògblẽ wo ɖi hedzo.


Tete la Wòtɔ edzi heyi ɖatsɔ gbɔgbɔ bubu adadre, siwo vɔ̃ɖi wu ye ŋutɔ la, hekpe ɖe eɖokui ŋuti, eye esi woyi ɖe eme la, wonɔ afima; eye nenem me sia ƒe anyinɔnɔ megbetɔ va vɔ̃ɖi wu gbãtɔ; nenema ke wòanɔ na nenem dzidzime vɔ̃ɖi sia hã.


Eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi le dzesi biam, eye womele dzesi na gee o, negbe nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la ko;


Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye abu tɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu. Esia nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye, Yehowa ye gblɔe!


Eye Yona zɔ ŋkeke ɖeka ƒe mɔ le dua me heɖe gbe ƒã gblɔ bena: Esusɔ ŋkeke blane, ne Niniwe natsrɔ̃!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite