Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 12:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi le dzesi biam, eye womele dzesi na gee o, negbe nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la ko;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

39 Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo be, “Dzidzime vɔ̃ɖi si wɔa ahasi le dzesi kple nukunu dim. Ke ɖeke meli wu Nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la o,

Gade chapit la Kopi




Mateo 12:39
8 Referans Kwoze  

Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi le dzesi biam, eye womelé dzesi na gee o, negbe Yona ƒe dzesi la ko. Tete wògblẽ wo ɖi hedzo.


Mi ahasiwɔlawo, mienya bena, xexeame ƒe xɔlɔ̃dzedze enye ketɔnyenye na Mawu oa? Eyaŋuti amesi dina be, yeanye xexeame ƒe xɔlɔ̃ la, etso eɖokui wɔ Mawu ƒe ketɔ.


Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo le dzidzime wɔahasi kple dzidzime wonuvɔ̃ sia dome la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui, ne ava le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.


Mi nyɔnu dzosala ƒe viwo, mi ŋutsu ahasitɔ kple gbolo ƒe dzidzimeviwo, mite va!


Egbugbɔ Israel ƒe liƒowo xɔ tso Xamat nutowo me vaseɖe tagbaƒu la nu, abe alesi Yehowa. Israel ƒe Mawu la gblɔ to eƒe dɔla, nyagblɔɖila Yona, Amitai vi, tso Gat-Xefer dzi la ene.


Eye Yehowa ƒe gbe va na Yona, Amitai vi, bena:


Eye wòɖe hũ le eƒe gbɔgbɔ la me gblɔ bena: Nukaŋuti dzidzime sia le dzesi dim mahã? Vavã mele egblɔm na mi bena: Womele dzesia ɖeke na ge dzidzime sia o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite