Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 12:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Ame nyui la ɖea nu nyuiwo doa go tsoa nunyuidzraɖoƒe la, eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖiwo doa go tsoa nuvɔ̃ɖidzraɖoƒe la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

35 Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ yɔ eƒe dzi me. Ke ame vɔ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũu kple nu vɔ̃, eye eƒe nuƒo ɖea vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye sia fiana.

Gade chapit la Kopi




Mateo 12:35
17 Referans Kwoze  

Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi, bena mianya alesi wòdze be, miaɖo nya ŋuti na amesiame.


Ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu; ke vɔ̃ɖiwɔwɔ le dodom le ame vɔ̃ɖi nu gbẽgbẽgbẽ.


Aɖe fafɛ enye agbeti; ke ne alakpa le eŋu la, enye abidede dzi ŋu.


Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me.


Dawo ƒe dzidzimewo! Aleke lawɔ mi, amesiwo vɔ̃ɖi la, miate ŋu agblɔ nya nyuiwo mahã? Elabena nya, si ke wu dzi la, eya nu gblɔna.


Migana nya vloa ɖeke nado go tso miaƒe nu me gbeɖegbeɖe o, ke boŋ nya, si nyo na ŋgɔgbedede, ne ehiã la, bene wòana amenuveve amesiwo senɛ la.


Ame ƒe nu ƒe nya ŋuɖoɖo doa dzidzɔ nɛ; eye aleke nya, si wogblɔ de egblɔɣi la, mehevivinae oa?


Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nya ɖea xa ɖe ameʋu ŋu; ke dzi me dzɔdzɔetɔwo ƒe nu ɖea wo.


Eye wògblɔ na wo bena: Eyakeŋuti agbalẽfiala sia agbalẽfiala, si wowɔ nusrɔ̃lae na dziƒofiaɖuƒe la la, eɖi aƒetɔ, si ɖea nu yeyewo kple nu xoxowo ɖe go tsoa eƒe nudzraɖoƒe la me.


Nenema ke ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui; eye ale manyomanyo tsea ku manyomanyo.


Ame nyui la ɖea nu nyui doa go tsoa eƒe dzi ƒe nu nyui dzraɖoƒe; eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖi doa go tsoa eƒe nu vɔ̃ɖi dzraɖoƒe; elabena nya, si, ke wu dzi la, eyae nu gblɔna.


Woawoe afia nu wò, woagblɔe na wò, eye woahe nyawo ado goe tso woƒe dziwo me be:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite