Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 12:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Dawo ƒe dzidzimewo! Aleke lawɔ mi, amesiwo vɔ̃ɖi la, miate ŋu agblɔ nya nyuiwo mahã? Elabena nya, si ke wu dzi la, eya nu gblɔna.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

34 Mi, da ƒe dzidzimeviwo! Aleke mi ame vɔ̃ɖi siawo miate ŋu agblɔ nya nyui aɖee? Elabena nya sia nya si ame gblɔna la tso eƒe dzi me.

Gade chapit la Kopi




Mateo 12:34
28 Referans Kwoze  

Ame nyui la ɖea nu nyui doa go tsoa eƒe dzi ƒe nu nyui dzraɖoƒe; eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖi doa go tsoa eƒe nu vɔ̃ɖi dzraɖoƒe; elabena nya, si, ke wu dzi la, eyae nu gblɔna.


Ke nusiwo doa go tsoa nu me la, woawo doa go tso dzi me, eye nenem nu mawo ƒoa ɖi ame.


Migana nya vloa ɖeke nado go tso miaƒe nu me gbeɖegbeɖe o, ke boŋ nya, si nyo na ŋgɔgbedede, ne ehiã la, bene wòana amenuveve amesiwo senɛ la.


Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu le mía kpli wò dome, eye Yehowa nabia hlɔ̃ wò nam, ke nye asi made ŋuwò o!


Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o.


Ame nyui la ɖea nu nyuiwo doa go tsoa nunyuidzraɖoƒe la, eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖiwo doa go tsoa nuvɔ̃ɖidzraɖoƒe la.


Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.


Elabena bometsila gblɔa bometsinya, eƒe dzi hea dzɔgbevɔ̃e va aƒee, ne wòawɔ nu tovo ahagblɔ nya trama ɖe Yehowa ŋu, wòana dɔwuitɔwo natsi domeɣi, eye nunono nahiã tsikɔwuitɔwo.


Dawo, ƒliwo ƒe dzidzimewo! Aleke miawɔ asi atso dzomavɔʋe ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu mahã?


Ɖoɖo la gbugbɔ ɖe megbe, eye dzɔdzɔenyenye tsi adzɔge. Elabena nyateƒe le nu klim le kpɔdome, eye nuteƒewɔwɔ mate ŋu age ɖe eme o.


Ɣlam tso eme vɔ̃ɖiwo ƒe takpekpe kple ame vlowo ƒe howɔwɔ me!


Eye esi wòkpɔ farisitɔ kple zadukitɔ geɖewo va eƒe mawutsidedetaname gbɔ la, egblɔ na wo bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã?


Azɔ egblɔ na ameha, siwo do go, bena wòaɖe mawutsi ta na yewo la bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã?


Amea ɖeke meli, si biaa dzɔdzɔenyenye ta sena o, eye ame ɖeke medrɔ̃a ʋɔnu ɖe eteƒe o, woɖoa ŋu ɖe nu dzodzroa ŋu, eye wodaa alakpa, wofɔa hiãkame ƒe fu hetsɔa dzɔgbevɔ̃e dzina.


Dawid ƒe nufiameha na henɔ la, ne woadzi ɖe nublanuigbe me.


ne woaɖa ame maɖitɔ la le vivi me; zi ɖeka kasia wodae, eye dzika metso wo ƒo o.


Dza wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eya me agbe tsona.


Nugɔmesela ƒe dzi nana eƒe nù dzea nunya, eye eƒe nuyiwo dzia nufiame ɖe dzi.


Elabena vɔ̃ɖiwɔwɔ le bibim abe dzo ene, efiã aŋɔkawo kple ŋuwò, eye wòtɔ dzo ave dodowo, ale be dzudzɔ de dzi kɔtɔɔ.


kple ŋukpeanu kple yakanyagbɔgblɔwo kple atsaƒoƒo, siwo medze o, negbe akpedada boŋ.


Elabena mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne amea ɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite