Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 12:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ke esi farisitɔwo kpɔe la, wogblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò nusrɔ̃lawo wɔ nusi mele sekɔa nu o la, le Sabat dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Farisitɔ aɖewo kpɔ wo, eye wohe nya ɖe Yesu ŋu gblɔ be, “Wò nusrɔ̃lawo wɔ nu siwo mele se nu o la le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 12:2
19 Referans Kwoze  

eye kpɔ ɖa, amea ɖe li, eye titi lé asi nɛ. Eye wobiae bena: Ɖe wòle se la nu bena, woada gbe le ame ŋu le Sabat dzi mahã? bena woatso enu.


Eye Yesu xa dzi gblo na sefialawo kple farisitɔwo bena: Woɖe mo be, woada gbe le Sabat dzi loo, alo womeɖe mɔ o mahã? Ke woawo la wozi kpi.


Eye wogbugbɔ yi ɖadzra atike ʋeʋẽe kple ami ɖo. Ke wodzudzɔ le Sabat dzi le se la nu.


Ne ète wò afɔ ɖe megbe tso dzudzɔgbe la ŋu, be mèwɔ wò dɔwo le nye ŋkeke kɔkɔe la dzi o, ne èyɔ dzudzɔgbe la be: „dzidzɔ“ kple Yehowa ƒe nu kɔkɔe la be „bubu“, eye nède bubu eyama ŋu, ale be mèlé wò mɔ tsɔ o, mèwɔ wò dɔwo o, eye mèƒo nu kpoloe o la,


Ŋkeke ade miawɔ dɔ, ke miaɖu ŋkeke adrelia kɔkɔe, dzudzɔgbee wònye na Yehowa, amesiame, si awɔ dɔ le edzi la, woawui.


Ŋkeke aɖe nawɔ wò dɔwo, ke naƒo ŋkeke adrelia ade eme, bena wò nyi kple wò tedzi nadzudzɔ, eye wò kosi ƒe ŋutsuvi kple amedzro nagbɔ ɖe eme.


Ke egblɔ na wo bena; Alo miexlẽ nusi Dawid wɔ, esime dɔ wu eya kple amesiwo kpe ɖe eŋuti la, kpɔ o mahã?


Eye farisitɔwo gblɔ nɛ bena: Kpɔ da, wowɔ nusi mele sea nu o la le Sabat dzi!


Ke farisitɔa ɖewo gblɔ bena: Nukaŋuti miewɔ nusi mele se la nu be, woawɔ le Sabat-ŋkeke dzi o mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite