Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 12:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke esi farisitɔwo do go la, wode adaŋu le eŋuti, alesi woawɔ awui.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Le nu si Yesu wɔ ta la, Farisitɔwo yɔ takpekpe kpata aɖe be yewoawɔ ɖoɖo ɖe ale si yewoawɔ alée awu ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Mateo 12:14
15 Referans Kwoze  

Azɔ tso ŋkeke ma dzi la wodo bena, yewoawui.


Tete wogadi bena, yewoalée, ke edo le wo si me heyi.


Le esia ta Yudatɔwo gadii ɖe edzi wu, bena yewoawui; elabena menye ɖe wògblẽ kɔ ɖo na Sabat la ɖeɖeko o, ke boŋ eyɔ Mawu hã be eya ŋutɔ Fofoa, eye wòtsɔ eya ŋutɔ ɖokui ɖo Mawu ŋu.


Ke woawo la movidzɔdzɔ yɔ wo fũ, eye woƒo nu na wo nɔewo, nusi woate ŋu awɔ Yesu.


Tete farisitɔwo do go enumake kple Herodiahawo, eye wode adaŋu le eyama ŋuti, alesi woawɔ awui.


eye wode adaŋu bena, yewoalé Yesu le adaŋu me, eye yewoawui.


Ke nunɔlagãwo kple farisitɔwo de se ɖi bena, ne amea de nya afisi wòle la, nefia, ne yewoayi aɖalée.


Ke esi ŋu ke la, nunɔlagãwo kple dumegãwo katã de adaŋu le Yesu ŋuti, bena yewoawui;


Eye wòsusɔ ŋkeke eve, ne ŋutitoto kple abolo maʋamaʋã ƒe ŋkekenyuie la naɖo; eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo ɖi alesi woawɔ alée le aɖaŋu me, ne woawui;


Eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo di alesi woawɔ awui, elabena wovɔ̃ dukɔ la.


Tete wodi bena, yewoalée, eye amea ɖeke medo asi ɖe egbɔ o; elabena eƒe gaƒoƒo mede haɖe o.


Farisitɔwo se alesi amewo le nusiawo ƒe liʋiliʋi lim le eŋuti. Eye farisitɔwo kple nunɔlagãwo dɔ atikplɔtɔwo ɖa, bene woaɖalée.


Ke wo dometɔa ɖewo ɖi be, yewoalée; gake amea ɖeke meɖo asi ɖe egbɔ o.


Tete wofa kpewo, be yewoaƒui; ke Yesu ɣla eɖokui, eye wòdo go le mawuƒe la me.


Tete la Yudatɔwo gafɔ kpewo, bena yewoaƒui.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite