Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 11:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke esi woawo trɔ yina la, Yesu de asi nyagbɔgblɔ me na amehawo le Yohanes ŋuti bena: Nuka kpɔ ge miedo go yi le gbedzi mahã? Alo ayeti, si ya le ʋuʋum mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo nɔ dzodzom la, Yesu dze nuƒoƒo na ameha la tso Yohanes ŋu be, “Nu ka miedo go yi kpɔkpɔ ge le gbedzi? Aƒla si ya le ƒoƒoma?

Gade chapit la Kopi




Mateo 11:7
15 Referans Kwoze  

Ke meɖe kuku le xɔse me, eye megake ɖia ɖeke o; elabena amesi le ɖi kem la, eɖi ƒutsotsoe, si ya ƒona yina gbɔna la.


Eyama enye akaɖi, si le bibim, eye wòle keklẽm; ke miawo la miedi be, yewoakpɔ dzidzɔ gaƒoƒo ɖeka le eƒe keklẽ la me.


bene míaganye ɖevi, siwo nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, eye wònyama wo to amewo ƒe beble la me to aɖaŋu vɔ, si nu sẽ la me, le nudadafiafia ƒe amebeblemɔ la nu o,


Ele fiefiẽm abe tsi ene, maganye gbãtɔ akpɔ o, elabena ede fofowò ƒe aba dzi, eye nedo ŋunyɔe gbemagbe, ẽ, nye aba dzie nede!


Eyaŋuti mikpɔ nyuie, alesi miese; elabena amesi nu le esi la, woanae; eye amesi nu mele esi o la, woaxɔ nusi wòsusu be, ele ye si hã le esi.


Yohanes ƒe mawutsidedetaname la ɖe, afika wòtso? Tso dziƒo loo, alo tso amewo gbɔ mahã? Ke woawo ke ɖi le wo nɔewo dome bena:


Tete wotso Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Yordan-nutowo katã me godoo va egbɔ.


Eye Yesu trɔ, eye esi wòkpɔ wo le eyome dzem la, egblɔ na wo bena: Nuka ɖim miele? Eye wogblɔ nɛ bena: Rabi (si gɔmee nye nufiala), afika nenɔna?


Alo nuka kpɔ ge miedo go yii? Alo amesi do awu bɔbɔewoa? Kpɔ ɖa, amesiwo do awu bɔbɔewo la, woawoe le fiawo ƒe aƒewo me.


Mele aƒla ŋeŋe la ɖe ge le enu o, eye mele ɖovu bibi fiɖifiɖi la tsi ge o, vaseɖe esime wòawu ʋɔnudɔdrɔ̃ nu hena dziɖuɖu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite