Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 11:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Elabena ye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

30 elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 11:30
13 Referans Kwoze  

Elabena lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.


Esiawo megblɔ na mi, bena míakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexea me la miekpɔ xaxa; gake miaƒe dzi nedze eme; nye la meɖu xexeame dzi.


Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.


Ablɔɖenyenye ŋuti Kristo wɔ mí ablɔɖeviwo ɖo. Eyaŋuti minɔ tsitre sesĩe, eye migana woade kluvinyenye ƒe kɔkuti ko na mi o!


Amegbetɔ, egblɔ nusi nyo la na wò; nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye uabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.


Ke ne Gbɔgbɔ la le mia kplɔm la, miegale sea te o.


Azɔ nukaŋuti miele Mawu tem kpɔ be, miatsɔ kɔkuti, si mia fofowo kple mia ŋutɔwo hã miete ŋu tsɔ o la, aku nusrɔ̃lawo ƒe kɔa?


Elabena míaƒe aɖabaƒoƒo ɖeka me xaxa, si nu mesena o la, woa ŋutikɔkɔe mavɔ, si nu sẽna ŋutɔ, eye wòƒoa nusianu ta sãsãsã la, na mí,


Elabena enyo Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple miawo hã ŋu be, míagatsɔ agba gãa ɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o,


Eƒe mɔwo nye mɔ vivi, eye eƒe toƒewo katã nye ŋutifafa.


Le ɣemaɣi me la Yesu yi ɖato lugbleawo me le Sabat dzi, eye da wui eƒe nusrɔ̃lawo, eye wode asi lutiawo ŋeŋe me heva ɖuɖu ge.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite