Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 11:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Tete la wòde asi nyahehe me ɖe du, siwo me wòwɔ eƒe ŋusẽdɔ geɖewo wu le la ŋuti, elabena wometrɔ le woƒe dzi me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Azɔ Yesu he nya ɖe du siwo me wòwɔ eƒe nukunu geɖewo le la ŋu, elabena wogbe be yewomaxɔ Mawu dzi se o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 11:20
17 Referans Kwoze  

Meƒu to anyi, eye mese be, womelé nu ƒom ɖe eteƒe o; amea ɖeke meli, si eƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ venɛ wògblɔna be: Nuka nye esi mehewɔ hã o! Amesiame lé eƒe ma abe so, si lu ɖe aʋa me ene.


Eye mena ɣeyiɣie, be wòatrɔ le eƒe dzi me, gake melɔ̃ be, yeatrɔ tso eƒe ahasiwɔwɔ me o.


eye wodo busu dziƒo Mawu la le woƒe fukpekpe kple woƒe ƒoƒoeawo ta, eye wometrɔ tso woƒe nuwɔnawo me o.


Eye dzoxɔxɔ gã ŋuta ɖu amewo, eye wode busu Mawuƒe ŋkɔ, si kpo ŋusẽ ɖe fuwɔame siawo dzi, eye wometrɔ le woƒe dzi me, bene woatsɔ kafukafu nɛ o.


Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.


Elabena èna miaƒe towo se nya yeye, siwo womese kpo o, azɔ miele didim be, mianya nusi gɔ̃ nusiawo nye.


Eya megbe la eɖe eɖokui fia ame wuiɖekɛawo ŋuta, esi wole nuɖuƒe; eye wòhe nya ɖe wo ŋu le woƒe dzimaxɔse kple dzimesesẽ la ŋuti bena, womexɔ amesiwo kpoe wòtsi tre la, dzi se o.


Eye wòdo eŋu na wo gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse! Ɣekaɣi mana anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣi mado dzi ahe mi ase do mahã? Mikplɔe va gbɔnye!


Niniwe-ŋutsuwo atsi tre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kple nenem dzidzime sia, eye wòabu fɔe; elabena wòtrɔ le woƒe dzi me le Yona ƒe gbeƒẽɖeɖe la nu; eye kpo ɖa, amesi wu Yona la, le afii!


bena ne megava la, Mawu abɔbɔm ɖe anyi le mia gbɔ, eye mala konyi le ame geɖe, siwo wɔ nuvɔ̃ tsã, eye wometrɔ le woƒe dzi me le makɔmakɔnyenye kple ahasiwɔwɔ kple hadzedze, siwo wowɔ ŋuti o la ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite