Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 11:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ke esi Yohanes le gaxɔ me se Kristo ƒe dɔwɔwɔwo la, edɔ eƒe nusrɔ̃lawo be, woaɖagblɔ ne bena:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Yohanes, ame si nɔ gaxɔ me le ɣeyiɣi siawo me la se nukunu gbogbo siwo katã Kristo la nɔ wɔwɔm. Esia ta edɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ɖe Yesu gbɔ be woabiae be,

Gade chapit la Kopi




Mateo 11:2
11 Referans Kwoze  

Ke Herodes ŋutɔe dɔ wòlé Yohanes, eye wobiae de gaxɔ me le Herodia, si nye nɔvia Filipo srɔ̃ la, ŋuti, elabena eɖee.


Elabena esi Herodes lé Yohanes la, eblae hede gaxɔ me le Herodia, si nye nɔvia Filipo srɔ̃ la ŋuti.


Ke esi Yesu se bena, wotso Yohanes de asi la, edzo heyi ɖe Galilea.


Tete Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ bena: Nukaŋuti miawo kple farisitɔwo mietsia nu dɔna atraɖii, ke wò nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o mahã?


Azɔ esi Yesu nyae bena, farisitɔwo se bena, Yesu le mawutsi dem ta na amewo, eye wòle nusrɔ̃lawo wɔm wu Yohanes la


ke dziɖula Herodes, si wogbe nya na le Herodia, nɔvia srɔ̃ kple nu vɔ̃ɖi, siwo katã Herodes wɔ la ŋuti la,


Azɔ dzidzimeawo katã tso Abraham dzi vaseɖe Dawid dzi la wole dzidzime wuiene, eye tso Dawid dzi vaseɖe kpakple yi ɖe Babilonia dzi la wole dzidzime wuiene, eye tso kpɔkplɔ yi ɖe Babilonia dzi vaseɖe Kristo dzi la wole dzidzime wuiene.


Ke esi dziɖula Herodes se nusiwo katã wòwɔ la, etsi dzodzodzoe, elabena amea ɖewo gblɔ be: Yohanes tsi tre tso ame kukuwo dome;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite