Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 11:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 le gbɔgblɔm bena: Mieku dze na mi, eye mieɖu ɣe o; míedzi konyifaha na mi, eye mieƒo akɔta o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 “ ‘Míedzi dzidzɔhawo na mi, gake miekpɔ dzidzɔ o, eya ta míedzi kuhawo, gake miefa konyi hã o!’

Gade chapit la Kopi




Mateo 11:17
15 Referans Kwoze  

Miadzi ha abe le ŋkekenyuieɖuɣi ƒe zã me ene, eye miaƒe dzi akpa dzidzɔ abe amesiwo le dze kum le mɔ zɔm heyina ɖe Yehowa ƒe to la, ɖe Israel ƒe agakpe la gbɔ ene.


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu afa konyi, ŋkeke alesi ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã? Ke ŋkekewo gbɔna, esime woatsɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la ayii le wo gbɔ la, ekema woatsi nu adɔ.


Ɖetugbi Israel, magatso wò, eye natsi tsotso; àgakpla wò asiʋuiwo, eye aɖo dzidzɔkpɔlawo ƒe to me;


Ke esi Yesu va amegã la ƒe me, eye wòkpɔ dzekulawo kple ameha, siwo le ʋunyaʋunya wɔm la,


Emegbe dukɔ blibo la kplɔe ɖo, eye dukɔ la ku dzewo hekpɔ dzidzɔ eteƒe mekɔ o, eye woƒe ɣli na be, anyigba ʋuʋu.


Ke viaŋutsuvi xoxoetɔ le agble me; eye esi wòva tu aƒe la, ese saŋkuɖiɖi kple ɣeɖuɖu.


Esi wova ɖo Gorenhatad, si le Yordan godo la, wofa konyi ŋutɔŋutɔ le afima, eye wowɔ yɔƒe na wo fofoa ŋkeke adre.


Ke ameka gɔ̃ ŋuti matso egbevi siawo aɖoe mahã? Woɖi ɖevi, siwo bɔbɔ nɔ asi me, eye wole wo towo yɔm


Elabena Yohanes va, meɖua nu o, menoa nu hã o, eye wogblɔ bena: Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.


Woɖi ɖevi, siwo bɔbɔ nɔ anyi ɖe asi me, eye wole wo nɔewo yɔm gblɔ bena: Mieku dze na mi, eye mieɖu ɣe o; míedzi konyifaha na mi, eye miefa avi o.


Eye wo katã wole avi fam, eye wole konyi fam nɛ. Ke egblɔ bena: Migafa avi o! Meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle.


Eye ameha gãa ɖe kple nyɔnu, siwo le konyi kple avi fam ne la, kplɔe ɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite