9 Migadi sika alo klosalo alo akɔbli de miaƒe gabutuawo me o;
9 “Migatsɔ ga aɖeke de miaƒe gabusuwo me na miaƒe mɔzɔzɔ o,
Eye wògblɔ na wo bena. Esi medɔ mi, gakotoku kple mɔzɔkotoku kple atokotawo manɔ mia sii la, ɖe nane hiã mi mahã? Eye wogblɔ bena: Naneke mehiã mí o.
Mida gbe le dɔlélawo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo: mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minyẽ gbɔgbɔ vɔwo do goe. Faa miexɔe, faa minae.
Tete wòyɔ ame wuieve la va egbɔ, eye wòde asi wo dɔdɔ me eveveve; eye wòna ŋusẽ wo de gbɔgbɔ makɔmakɔwo dzi;