Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 10:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Eye amesi ke tsɔ tsi fafa kplu na ame tsɛ siawo dometɔ ɖeka le nusrɔ̃la ɖeɖe ƒe ŋkɔ dzi ko la, vava mele egblɔm na mí bena: Eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

42 Ne ame aɖe ana tsi fafɛ kplu ɖeka ame gblɔe siawo dometɔ ɖeka, be enye nye nusrɔ̃la ta la, mele egblɔm na mi le nyateƒe me be mabu fetu si wòaxɔ la o.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 10:42
21 Referans Kwoze  

Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lalã, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm lã be o.


Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.


Mikpɔ nyuie, ne miagado vlo nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka o; elabena mele egblɔm na mi bena: Woƒe mawudɔla, siwo le dziƒowo la, le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe mo kpɔm ɖaasi.


Elabena ne edzilɔlɔ̃ le la, edze ame ŋu be, woaxɔ le nusi le amesi la nu, eye menye le nusi mele esi o la nu o.


Gake milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwo nu nyui, miɖo nu, eye migakpɔ mo na exɔxɔ o, ekema miaƒe fetu alolo, eye mianye dziƒoʋitɔ la ƒe viwo, elabena eya hã ƒe dɔme nyo na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo.


Nenema ke srɔ̃ nunya na wò luʋɔ, eye ne wò asi tui la, ekema ŋkeke li gbɔna na wò, eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o.


Yi, nyɔ ɖe nye lãkplɔvi kple ŋutsu, si mia kplii míebɔa ha la ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe. Dza lãkplɔvi, ne lãha nakaka ahlẽ! Ke matrɔ nye asi ɖe ame tsewo ŋu.


Enyo nɛ be, woatsɔ té atsi ɖe ko ne, eye woatsɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒu me wu esi wòaɖia ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nu.


Nenema ke menye mia Fofo, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu bena, nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nabu o.


Na míatu xɔvia de de xɔta, míatre eŋu, eye miatsɔ abati, kplɔ̃ kple ablegɔ kpakple akaɖiti ada de eme nɛ, eye ne eva mia gbɔ la, ne wòadze afima.


Amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.


Na wò abolo nato tɔ dzi yii, elabena àgakpɔe le ŋkeke geɖewo megbe.


Esi wòyina eku ge la, eyɔe ɖagblɔ bena: Taflatse, ɖi abolo kakɛa ɖe ɖe asi vɛ nam.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite