Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 10:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Azɔ amesiame, si aʋu menye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã maʋu eyama me le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

32 “Ame sia ame si aʋu menye le dutoƒo la, nye hã maʋu eme le Fofo la gbɔ le dziƒo.

Gade chapit la Kopi




Mateo 10:32
12 Referans Kwoze  

Amesi ke ɖu dzi la, woado awu ɣiwo na eyama, eye nyemele eƒe ŋkɔ tutu ge da le agbegbalẽa me o, eye maʋu eƒe ŋkɔ la me le Fofonye kple eƒe dɔlawo ŋku me.


Amesi ke ʋua me bena, Yesu ye nye Mawu Vi la, Mawu nɔa eme, eye eya hẽ nɔa Mawu me.


Eyata ŋu nagakpe wò le mia Aƒetɔ ƒe ɖaseɖiɖi kple nye, amesi nye eƒe gatɔ la ŋuti o; ke boŋ kpe fu kple nyanyuie la le Mawu ƒe ŋusẽ la nu,


Menya wò dɔwɔwɔwo kple afisi nenɔna, afisi Abosam ƒe zikpui le, eye nèlé nye ŋkɔ me ɖe asi sesĩe, eye mèsẽ nu le dzinye xɔxɔse ŋuti le ŋkeke, siwo me ke wowu Antipa, si nye nye ɖaseɖila nuteƒewɔla le mia dome, afisi Abosam nana la o.


Eyata Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe gbe nye si: Megblɔ tsã be, mana mia kple fofowò ƒe aƒe nanɔ ŋkunye me tegbee; ke azɔ la ale Yehowa gblɔ esi: Nede megbe xaa tso gbɔnye, elabena amesi buam la, mabui, eye amesi doa vlom la, mado vloe.


Esiawo eƒe dzilawo gblɔ, elabena wovi Yudatɔwo; elabena Yudatɔwo ɖo ɖe anyi xoxoxo bena, ne amea ɖe katse ʋu eyama me bena, Kristo wònye la, ekema yewoaɖee le yewoƒe ha me.


Tete fia la agblɔ na amesiwo le eƒe nuɖusi me la bena: Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome!


Maƒo nu le wò ɖaseɖiɖi la ŋu le fiawo ŋku me, eye ŋu makpem o.


Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite