Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 10:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Nusi gblɔm mele na mi le viviti me la, migblɔe le kekeli me, eye nusi ke Sem miele ɖe to me la, miɖe gbe ƒãe le xɔwo ta me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 “Nya siwo gblɔm mele na mi le viviti me la, migblɔ wo le kekeli me. Ne mede gbe to me na mi la, miɖe gbeƒãe le xɔwo tame.

Gade chapit la Kopi




Mateo 10:27
16 Referans Kwoze  

Miheyi, ne míatsi tre agble agbenya siawo katã na dukɔ la le mawuxɔ me.


Ke ne eya, si nye nyateƒegbɔgbɔ va la, akplɔ mi ayi ɖe nyateƒe blibo la katã me; elabena maƒo nu le ye ŋutɔ ɖokui si o; ke boŋ nusianu, si ke wòase la, eya wòagblɔ, eye wòagblɔ nusiwo gbɔna la, afia mi.


Esiawo megblɔ na mi, bena woagaɖia mia nu o.


Alo ɖe menye se miede na mi bena: Migafia nu ɖe ŋkɔ sia dzi oa? Eye kpɔ ɖa, mieyɔ Yerusalem fũ kple miaƒe nufiafia, eye miele didim be, miatso ame sia ƒe ʋu aɖo mia dzi.


Eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, fifi ko neƒo nu faa, eye mègblɔ lodonyaa ɖeke o.


Esiawo megblɔ na mi le lododowo me; gaƒoƒo gbɔna, le esi me nyemagaƒo nu na mi le lododowo me o, ke boŋ magblɔe afia mi faa le Fofo la ŋuti.


Ke egblɔ bena: Miawo la wona mi bena, mianya mawufiaɖuƒe ƒe nu ɣaɣlawo, ke na ame bubuwo la le lododowo me bena, esi wole nu kpam la, ne woagakpɔe o, eye ne wole nu sem la, ne woagase egɔme o.


Azɔ esi mɔkpɔkpɔ sia le mia si ŋuti la, míewɔa dzideƒo geɖe ŋuti dɔ le nuƒoƒo me,


Eye wòƒo nu na Yudatɔwo kple amesiwo vɔ̃a Mawu le ƒuƒoƒe la kpakple amesiwo doa goe le asi me gbesiagbe.


Nya ɖe ŋutegabalime la ŋu: Nya ka dzo, be mi katã miede xɔta?


amesi le xɔ ta la, megaɖi va tsɔ naneke tso eƒe me yii o;


Eyaŋuti nusianu, si ke miegblɔ le viviti me la, woasee le kekeli me, eye nusi miegblɔ ɖe to me le xɔgã me la, woaɖe gbe ƒãe le xɔwo ta me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite