Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 10:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye amesi ke mexɔ mi o, eye meɖo to miaƒe nyawo hã o la, mido go tso aƒe ma alo du ma me, eye miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti ɖe anyi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Ne du aɖe me tɔwo alo aƒe aɖe me tɔwo mexɔ mi o, eye womeɖo to mi o la, miʋuʋu miaƒe afɔke ɖe teƒea ne miadzo.

Gade chapit la Kopi




Mateo 10:14
14 Referans Kwoze  

Ke esi wole nya ŋem ɖe enu, eye wole busunyawo gblɔm la, eʋuʋu eƒe awuwo me hegblɔ na wo bena: Miaƒe ʋu nava mia ŋutɔwo miaƒe ta dzi: nye la ŋutinye kɔ; tso esia dzi la mayi ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ.


Meʋuʋu nye akɔnu gblɔ bena: Ale Mawu aʋuʋu amesiame, si mewɔ nya sia dzi o la, tso ele me kple eƒe nuwo gbɔe, eye alea wòaʋuʋui wòaɖi gbɔlo! Tete ameka blibo la do ŋu bena: Neva me! Eye wokafu Yehowa. Eye dukɔ la wɔ nya sia dzi.


Ke woawo la, esi woʋuʋu ke le woƒe afɔwo ŋuti ɖe wo ŋu la, wova Ikonio.


Eye amesiwo mexɔ mi o la, ne miele dzodzo ge le du ma me la, miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti hena ɖaseɖiɖi ɖe wo ŋuti.


Eye teƒe, si womexɔ mi le o, alo womeɖo to mi le o la, ne miele dzodzo ge le afima la, miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti ɖe anyi, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo. Vavã mele egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Sodomtɔwo kple Gomoratɔwo le ʋɔnudrɔ̃gbe la abe du ma ene o.


Eyaŋuti amesi ke doa vlo esia la, menye amee wòdoa vloe o, ke boŋ Mawu, amesi na eƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe mí lae wòdoa vloe.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔa amesi ke medo ɖa la, nyee wòxɔ, eye amesi xɔam la, exɔa amesi dɔm ɖa.


Amesi ke laxɔ ɖevi siawo dometɔ ɖeka le nye ŋkɔ dzi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke laxɔm la, menye nye wòxɔ o, ke boŋ amesi dom lae.


Eye amesi ke laxɔ nenem ɖevi sia tɔgbe ɖeka le nye ŋkɔa dzi la, nyee wòxɔ;


eye wògblɔ na wo bena: Amesi ke axa ɖevi sia le nye ŋkɔ dzi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke axɔm la, exɔ amesi dom la; elabena amesi ke nye suetɔ le mi katã dome la, eyae nye gatɔ.


Ne aƒea dze la, miaƒe ŋutifafa lava edzi; ne medze o la, miaƒe ŋutifafa agagbugbɔ ava mia dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite