Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 1:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Isai dzi Dawid, fia la, eye Dawid, fia la, kpakple Uriya srɔ̃ wodzi Salomo;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Yese dzi Fia David, David dzi Solomo, ame si dadae nye Uria srɔ̃ kpɔ.

Gade chapit la Kopi




Mateo 1:6
25 Referans Kwoze  

elabena Dawid wɔ nusi nyo le Yehowa ŋku me, eye mete ɖa le se, siwo katã wòɖe nɛ la me le eƒe agbe me ŋkekewo katã me o, negbe ɖe Uriya, Xititɔ la ƒe nya me koe.


Dawid enye Efrattɔ ma, si tso Betlexem le Yuda, amesi ŋkɔ nye Isai la, ƒe vi; viŋutsu enyi le esi, eye wònye amegã ɖeɖi le ŋutsuwo dome le Saul ŋɔli.


Vi, siwo wodzi nɛ le Yerusalem la ƒe ŋkɔwo nye: Samua, Sobab, Natan, Salomo,


Vi, siwo wodzi nɛ le Yerusalem, wonye: Simea, Sobab, Natan kple Salomo; wole wo ame ene, siwo nye Amiel ƒe vinyɔnu Bat-Sua tɔ;


Dawid ƒe nya mamleawo nye esi; Dawid, Isai vi ƒe gbe, ŋutsu, si wodo ɖe dzi, Yakob ƒe Mawu ƒe amesiamina la, kple kafukafuhawo ƒe heno le Israel ƒe gbe:


Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ŋkeke nenie nanɔ konyi fam le Saul, amesi megbe be, megaɖu fia ɖe Israel dzi o la ŋu? De ami wò lãdzo la me, eye nayi; kpo ɖa, mele dɔwòm ɖe Isai gbɔ le Betlexem, elabena mekpɔ fia ɖi na ɖokuinye le viawo dome.


Elabena nusi se la mete ŋu wo o, esime wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe, eye wòdo ye ŋutɔ Via ɖo ɖa le nuvɔ̃ŋutilã ƒe sɔsɔ me, eye le nuvɔ̃ ŋuti wodoe ɖa ɖo, eye wobu to nuvɔ̃ la le ŋutilã me,


Eye atilɔ amie tso Isai ƒe atitakpo me, eye dzedze atso eƒe ke me atse ku.


Dawid, Isai vi la, ƒe gbedodoɖa wu nu.


Etia vinye Salomo le vinyewo katã dome, elabena Yehowa na vi geɖem, ne woabɔbɔ nɔ Yehowa ƒe Israel-fiaɖuƒe la ƒe fiazikpui dzi.


Xitilɔ Uriya; Zabad, Axelai vi;


adelia nye Ozem, adrelia nye Dawid.


kpakple Xititɔ Uriya. Wo katã le ame blaetɔ̃ vɔ adre.


Tete Dawid do woyi ɖabia nyɔnu la gome se, eye wogblɔ bena: Eya nye Eliam ƒe vinyɔnu Bat-Seba, Uriya, Xititɔ la srɔ̃!


hafi mi katã miebla ɖe ŋunye, eye amea ɖeke meli tofi nam be, vinye bia nu kple Isai vi la o, eye nye nya meɖi amea ɖeke, ne wòafi tofi nam be, vinye na nye futɔ de xa ɖe ŋunye, abe alesi wòle egbe sia ene oa?


Eye Saul biae bena: Ɖekakpui, ameka vi nènye? Dawid ɖo ŋu bena: Wò dɔla Betlexemtɔ Isai ƒe vi menye.


Obed dzi Isai, eye Isai dzi Dawid.


Salmon kpakple Raxab wodzi Boaz, Boaz kpakple Rut wodzi Obed, eye Obed dzi Isai;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite