Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 1:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 eye menyae o ʋuu keke vaseɖe esime wòdzi eƒe ŋutsuvi ŋgɔgbetɔ la, eye wòyɔ eƒe ŋkɔ be Yesu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Ke Yosef mede asi eŋu o, va se ɖe esime wòdzi viŋutsuvi la, eye wòna ŋkɔe be Yesu.

Gade chapit la Kopi




Mateo 1:25
10 Referans Kwoze  

Eye esi wotso aʋa nɛ le ŋkeke enyilia dzi la, wotsɔ ŋkɔ nɛ be Yesu, abe alesi mawudɔla yɔe ɖi, hafi wòfɔ eƒe fu ene.


Eye wòdzi ŋutsuvi, si nye eƒe ŋgɔgbevi, eye wòxatsa avɔ ɖe eŋu, eye wòtsɔe mlɔ lãnuɖunu me; elabena womekpɔ teƒe le amedzrodzeƒe o.


Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me.


Nenema ke nawɔ wò nyiwo kple alẽwo hãe; ŋkeke adre wòanɔ dada gbɔ, eye le ŋkeke enyilia dzi natsɔe nam.


Kɔ ŋgɔgbeviwo katã ŋuti nam, nusianu, si aʋu dɔ nu na dada le Israel-viwo dome, eɖanye ame alo lã o, tɔnyee.


Elabena amesiwo wonya ɖi la, eɖo wo ɖi hã, bene woanye Via ƒe nɔnɔme tɔgbe, bene wòanye ŋgɔgbevi le nɔvi geɖewo dome.


Ke esi Yosef nyɔ tso alɔ̃ me la, ewo alesi Aƒetɔ ƒe dɔla la gblɔ nɛ, eye wòkplɔ srɔ̃a va eɖokui gbɔe;


Eye kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge, eye nadzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu.


Ke Saul vinyɔnu Mixal tsi ko vaseɖe eƒe kugbe.


Ɖetugbi la dze tugbe ŋutɔ, eye wòzu fia la dzikpɔla, si subɔnɛ, ke fia la mede asi eŋu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite