Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 9:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Eye wògblɔ na wo bena: Esia ƒomevi la mate ŋu ado go to naneke me o, negbe to gbedodoɖa kple nutsitsidɔ me ko.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu siawo ƒomevi wɔwɔ hiã gbedodoɖa kple nutsitsidɔ.”

Gade chapit la Kopi




Marko 9:29
17 Referans Kwoze  

Eye xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre, eye ne ewo nuvɔ̃wo la, woatsɔ wo akee.


Ke egblɔ na wo bena: Le miaƒe xɔse ʋee ŋutie; elabena vava mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si abe logoku ene la, miagblɔ na to sia bena: Te ɖa tso afisia nayi afime, eye ate ayi, eye naneke mele miaƒe ŋutete wu ge o.


Tete metrɔ mo de Aƒetɔ Mawu la ŋu, ne matsɔ nutsitsidɔ, akpanyatata kple dzowɔ ado gbe da, eye maƒo koko,


Mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo katã do gbe ɖa le ɣeawokatãɣi me le Gbɔgbɔ me, eye eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, ne mianɔ kukuɖeɖewo dzi ɖaahe ɖe ame kɔkɔewo katã ta


Esia ŋuti meyɔ Aƒetɔ la zi etɔ̃, bene wòadzo le ŋunye.


le agbagbadzedze kple kutrikuku me; le ŋudɔdɔwo me agbadre, le dɔwuame kple tsikɔwuame me, le nutsitsidɔwo me agbadre, le vuvɔ kple amamanɔnɔ me.


Tete la wòdzo heyi ɖatsɔ gbɔgbɔ bubu adre, siwo vɔ̃ɖi wu ye ŋutɔ hekpe ɖe eɖokui ŋuti, eye woyi ɖe eme, eye wonɔ afima, eye amesia ƒe anyinɔnɔ mlɔetɔ va vɔ̃ɖi wu gbãtɔ.


hafi meƒoa nye ŋutilã wòdoa ʋusrã, eye mewɔnɛ kluvi boŋ, bene esi menye gbeƒãɖela na ame bubuwo la, nye ŋutɔ la nyemagazɔ ame madzemadze o.


Eye esi wotia amegãwo na wo le ha sia ha me la, wodo gbe ɖa kple nutsitsiɖɔ, eye wotso wo ɖe Aƒetɔ, si dzi woxɔ se la, si me.


Tete la Wòtɔ edzi heyi ɖatsɔ gbɔgbɔ bubu adadre, siwo vɔ̃ɖi wu ye ŋutɔ la, hekpe ɖe eɖokui ŋuti, eye esi woyi ɖe eme la, wonɔ afima; eye nenem me sia ƒe anyinɔnɔ megbetɔ va vɔ̃ɖi wu gbãtɔ; nenema ke wòanɔ na nenem dzidzime vɔ̃ɖi sia hã.


le ƒoƒowo me, le gaxɔwo me, le zitɔtɔwo me, le agbagbadzedzewo me, le ŋudɔdɔwo me, le nutsitsidɔwo me,


Ke esia ƒomevi la mele go do ge o, ne menye to gbedodoɖa kple nutsitsidɔ me o.


Eye esi wòva aƒea me la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe va egbɔ biae bena: Aleke wɔ míawo miete ŋu nyae do go o mahã?


Eye esi wodze le afima la, wotso Galilea me yi, eye melɔ̃ bena, amea ɖeke nanya ye o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite