Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 9:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Eye esi wòva aƒea me la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe va egbɔ biae bena: Aleke wɔ míawo miete ŋu nyae do go o mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 Azɔ esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe wonɔ aƒe si me wodze la, nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka ta míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe o ɖo?”

Gade chapit la Kopi




Marko 9:28
11 Referans Kwoze  

Eye esi wòdzo le ameha la gbɔ yi ɖe aƒe me la, eƒe nusrɔ̃lawo bia lo la gɔmee.


Eye ne menye lododowo o la, meƒoa nu na wo o; ke ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe woli la, eɖea nuwo katã gome fia wo.


Eye esi wòsusɔ eya ɖeka ɖi la, amesiwo kpe ɖe eŋuti kple ame wuieve la, wòbia lo la gɔme.


Eye Petro xɔ edzi gblɔ ne bena: Ɖe lo sia gome na mi.


Tete esi Yesu ɖe asi le amehawo ŋu la, eva aƒe me. Eye eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ bena: Ɖe abɔ me gbe wuwluiawo ƒe lododoa gɔme na mi.


Tete nusrɔlawo va egbɔ gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti nèle nu ƒom na wo le lododowo me?


Eye esi wògayi ɖe Kapernaum le ŋkekea ɖewo megbe la, wose bena, ele aƒea me.


Eye wòva aƒe me. Eye ameha la gale ƒu ƒom ale bena, womete ŋu ɖu abolo gɔ̃ hã o.


Ke Yesu lé eƒe alɔnu hekɔe ɖe dzi, eye wòtsi tre.


Eye wògblɔ na wo bena: Esia ƒomevi la mate ŋu ado go to naneke me o, negbe to gbedodoɖa kple nutsitsidɔ me ko.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite