Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 9:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye wòdo go kple ɣlidodo hele enyamam ŋutɔ, eye wòzu abe ɖe woku ene; ale bena ame geɖewo gblɔ bena: Eku.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, ganyama ɖevi la nublanuitɔe, hedo go le eme. Azɔ ɖevi la fa miamiamia ɖe anyigba, heli kpoo abe ɖe wòku ene. Ale ameawo katã gblɔ be eku.

Gade chapit la Kopi




Marko 9:26
8 Referans Kwoze  

Eye wokplɔe va egbɔ; esi wòkpɔe la, enumake gbɔgbɔ la nyamae, eye wòtsyɔ kplo hele dablibɛ ƒom le futukpɔ ɖem.


Eye gbɔgbɔ makɔmakɔ la nyamae, eye wòdo ɣli kple gbe sesĩe, eye wòdo go le eme.


Eyata dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la! Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ, elabena ènyae be, vovoɣi via ɖe ko yekpɔ.


eye afisi ke wòlée le la, enyamanɛ, eye futukpɔ dona le enu, eye woɖua aɖukli, eye wòɖia ku; megblɔ na wò nusrɔ̃lawo bena, woanyãe ado goe, eye womete ŋui o.


Elabena tso esime meva Farao gbɔ, eye meƒo nu le wo ŋkɔa me la, azɔ gɔ̃ wòle ŋuta sẽm le dukɔ la ŋu; ke wò la meɖe dukɔ la kpɔ o.


Eye kpo ɖa, Kanaan-nyɔnua ɖe ɖo go tso afima nutoawo me, eye wòɖo ɣli gblɔ bena: Aƒetɔ, Dawid vi la, kpɔ ye nublanui! Vinyenyɔnuvi le fu kpem ŋɔdzitɔe tso gbɔgbɔ vɔ̃ si me.


Ke esi Yesu kpɔ bena, ameha la le ɖu ƒum gbɔna la, ewo ɖe gbɔgbɔ makɔmakɔ la ta gblɔ bena: Wò gbɔgbɔ maƒonu kple tokunɔ, mede se na wò, do go le eme, eye tso esia dzi la megayi ɖe eme o!


Ke Yesu lé eƒe alɔnu hekɔe ɖe dzi, eye wòtsi tre.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite