Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 9:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye wòdo eŋu na wo gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse! Ɣekaɣi mana anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣi mado dzi ahe mi ase do mahã? Mikplɔe va gbɔnye!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ na wo be, “O! Mi xɔse ʋɛtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la vɛ nam.”

Gade chapit la Kopi




Marko 9:19
17 Referans Kwoze  

Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Zi nenie gɔ̃ dukɔ sia ado vlom, eye zi nenie woagbe dzinye xɔxɔ ase? Evɔ wonye mewo dzesi geɖewo le wo dome hafi?


Esia megbe la egblɔ na Toma bena: Do wò asibide ɖe afii, eye nakpɔ nye asiwo ɖa, eye do wò asi ɖa, eye naƒo ɖe nye axada me, eye megazu maxɔsetɔ o, ke boŋ xɔsetɔ.


Eya megbe la eɖe eɖokui fia ame wuiɖekɛawo ŋuta, esi wole nuɖuƒe; eye wòhe nya ɖe wo ŋu le woƒe dzimaxɔse kple dzimesesẽ la ŋuti bena, womexɔ amesiwo kpoe wòtsi tre la, dzi se o.


Zi nenie gã ha vɔ̃ɖi sia ali ŋunye? Elabena mese alesi Israel-viwo li liʋĩliʋĩ ɖe ŋunye lae.


Eye wògblɔ na wo bena: O, ame masenugɔmewo kple amesiwo ƒe dzi le blewu be, woaxɔ nusiwo katã nyagblɔɖilawo gblo ɖi la, dzi ase.


Eye Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime totro kpaɖikpaɖi! Ɣekaɣi dzi manɔ anyi kpli mi, eye mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Kplɔ viwò la va afisi.


Ke Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime, si tro kpaɖikpaɖi; ɣekaɣie manɔ anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣie mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Mikplɔe va gbɔnye afii!


hegblɔ bena: Maɣla nye ŋku me ɖe wo, ne makpɔ nusi ava dzɔ ɖewo dzi. Elabena dzidzime tovo kple vi maɖianukwarewo wonye.


ŋutsu, siwo katã kpɔ ŋutikɔkɔe kple dzesi, siwo mewo le Egipte kple gbeadzi, gake wotem kpo zi ewo, eye womeɖo to nye gbe o la,


Fiti ko nye luʋɔ ʋuʋu kpẽkpẽkpẽ, eye aleke magblɔ? Fofo, ɖem tso gaƒoƒo sia me! Gake esia ta meva gaƒoƒo sia me ɖo.


Elabena womexɔ Mawu dzi se o, eye womeɖo dzi ɖe eƒe xɔname ŋu o.


eye afisi ke wòlée le la, enyamanɛ, eye futukpɔ dona le enu, eye woɖua aɖukli, eye wòɖia ku; megblɔ na wò nusrɔ̃lawo bena, woanyãe ado goe, eye womete ŋui o.


Eye wokplɔe va egbɔ; esi wòkpɔe la, enumake gbɔgbɔ la nyamae, eye wòtsyɔ kplo hele dablibɛ ƒom le futukpɔ ɖem.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite