Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 9:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye lãme ɖeka tso ameha la dome ɖo eŋu nɛ bena: Nufiala, mekplɔ vinyeŋutsuvi, si me gbɔgbɔ maƒonu le la, va gbɔwò;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Ame ɖeka le ameawo dome do ɣli gblɔ be, “Nufiala meɖe kuku, vinyee mekplɔ vɛ na wò be nàda gbe le eŋu nam. Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le eme si wɔe be mete ŋu ƒoa nu o.

Gade chapit la Kopi




Marko 9:17
12 Referans Kwoze  

Eye wòle gbɔgbɔ vɔ̃ maƒo nu nyãm. Eye wòva ve me, esi gbɔgbɔ vɔ̃ la do go la, ame maƒonu la ƒo nu, eye amehawo ƒe mo wɔ yaa.


Ke esi Yesu kpɔ bena, ameha la le ɖu ƒum gbɔna la, ewo ɖe gbɔgbɔ makɔmakɔ la ta gblɔ bena: Wò gbɔgbɔ maƒonu kple tokunɔ, mede se na wò, do go le eme, eye tso esia dzi la megayi ɖe eme o!


Esi wose bena, Yesu tso Yudea va Galilea la, eyi egbɔ, eye wòɖe kuku bena, neva, eye woada gbe le ye vi ŋu; elabena eɖo kudo nu.


Eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe tso ameha la me do ɣli bena: Nufiala, meɖe kuku na wò be, nakpɔ vinyeŋutsuvi ɖa, elabena nye tenu wònye;


Eye wotsɔ ɖevi suewo va egbɔ be, woada asi ɖe wo dzi; ke nusrɔ̃lawo blu ɖe amesiwo tso wo ve la ta.


Ke nyɔnu la nye Helatɔ, si wodzi le Sirofoinike; eye wòɖe kuku nɛ bena, wòanya gbɔgbɔ vɔ̃ la aɖo goe tso vianyɔnuvi la me.


eye wòɖe kuku nɛ vevie ŋuta gblɔ bena: Vinyenyɔnuvi ɖo kudo nu, va ne natsɔ wò asi ada de edzi, bena eƒe lãme nasẽ, eye wòatsi agbe.


le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ, kpɔ nye ŋutsuvi ƒe nublanui! Elabena ele kpeŋui kum, eye wòle fu kpem ŋɔdzitɔe; elabena enuenu la edzea dzo me, eye enuenu la edzea tɔ me.


Tete wotsɔ amea ɖe, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le, eye wònye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la, va egbɔe. Eye wòda gbe le eŋu ale bena, aɖetututɔ la ƒo nu, eye wòkpɔ nu.


Eye esi woawo do go la, kpɔ ɖa, wotsɔ aɖetututɔ, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, va egbɔ.


Eye wòbia wo bena: Nuka miele nu sẽm kpli wo?


eye afisi ke wòlée le la, enyamanɛ, eye futukpɔ dona le enu, eye woɖua aɖukli, eye wòɖia ku; megblɔ na wò nusrɔ̃lawo bena, woanyãe ado goe, eye womete ŋui o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite