Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 8:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Eye wòto nya sia na wo faa. Tete Petro de kpoe, eye wòde asi nyagbegbe me nɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

32 Yesu ƒo nu na wo faa le nya siawo ŋu, meɣla naneke ɖe wo o, eya ta Petro yɔe ɖe kpɔe heka mo nɛ be, “Mele be nànɔ nya sia ƒomevi gblɔm o.”

Gade chapit la Kopi




Marko 8:32
9 Referans Kwoze  

Eye Petro ɖe kpoe, eye wòde asi nyagbegbe me nɛ gblɔ bena: Mawu nèhe esia ɖa xaa tso gbɔwò, Aƒetɔ; esia nagava dziwò gbeɖe o!


Esiawo megblɔ na mi le lododowo me; gaƒoƒo gbɔna, le esi me nyemagaƒo nu na mi le lododowo me o, ke boŋ magblɔe afia mi faa le Fofo la ŋuti.


Eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, fifi ko neƒo nu faa, eye mègblɔ lodonyaa ɖeke o.


Yesu ɖo ŋu nɛ bena: Nye la meƒo nu na xexeame le gaglãgbe, mefia nu ɖaa le ƒuƒoƒewo kple mawuƒe me, afisi Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo, eye nyemegblɔ nyaa ɖeke le ɣaɣlaƒe kpɔ o.


Ke Marta le sreɖi dzem le subɔsubɔ geɖe ŋuti, eye wòva tsi tre gblɔ bena: Aƒetɔ, de mètsɔ ɖeke le eme bena, nɔvinye gblẽ nye ɖeka ɖi na subɔsubɔ o mahã? Gblɔe nɛ azɔ, ne woakpe asi ɖe eŋu nam.


Ke eya ŋutɔ le ʋu gome, Zia suɖi le alɔ̃ dom, eye wonyae gblɔ nɛ bena: Nufiala, ɖe miaƒe tsɔtsrɔ̃ metsɔ gbɔwò nya o mahã?


Tete la Yudatɔwo va ƒo xlãe, eye wogblɔ nɛ bena: Ɣekaɣi dzi nana miaƒe luʋɔ natsi dzodzodzoe ase ɖo mahã? Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi faa.


Azɔ Yesu ʋu me na wo faa bena: Lazaro ku.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite