Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 8:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Eye wòde asi wo fiafia me bena: Ele na Amegbetɔvi la bena, woakpe fu geɖe, eye amegãwo kple nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo woado vloe, eye woawui, eye wòatsi tre le ŋkeke etɔ̃agbe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Azɔ Yesu de asi nufiafia wo me be edze be Amegbetɔ Vi la nakpe fu geɖewo. Egblɔ na wo be dumegãwo kple nunɔlagãwo agbe nu le ye gbɔ. Sefialawo hã agbe ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe.

Gade chapit la Kopi




Marko 8:31
27 Referans Kwoze  

Mose sia, tsi gbe wogbe nu le gblɔ bena: „Amekae ɖo wò dziɖula kple ʋɔnudrɔ̃la la,“ eya Mawu do abe dziɖula kple ɖela ene to mawudɔla, si ɖe eɖokui fiae le ŋuvea me la ƒe asi dzi.


Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ na wo bena: Mimu mawuxɔ sia, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la magagbugbɔe atu.


Alo mele na Kristo be, wòakpe nusiawo ƒe fu, eye wòayi ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?


Gake ele nɛ gbã be, wòakpe fu geɖe, eye dzidzime sia lado vloe.


Ɖe miexlẽ ŋɔŋlɔ sia hã kpɔ bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe;


Yesu gblɔ na wo bena: Alo miexlẽ le ŋɔŋlɔawo me kpɔ bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe; Aƒetɔ la gbɔ esia tso, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkuwo me“ o mahã?


elabena abe alesi Yona nɔ ƒumelãtsu ƒe ɖɔ me xɔ ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃ la, nenema ke amegbetɔvi la anɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃.


Agbɔ agbe mí le ŋkeke eve megbe, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la afɔ mí ɖe tsitrenu, ne míanɔ agbe le eŋku me.


eye bena woɖii, eye bena wogafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe le ŋɔŋlɔ la nu,


Eye wògblɔ na wo bena: Esiawo nye nye nya, siwo megblɔ na mi, esi megali kpli mi la bena: Ele be, woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo me le ŋutinye la nu.


Amegbetɔwo do vloe, eye wogbee, ŋutsu kpehiã kple amesi dzi dɔléle le la wònye, wodo vloe abe amesi ta wotsyɔ nu ŋku me ɖo la ene, eye míebui ɖe naneke me o.


Kpe, si xɔtulawo gbe la, eyae trɔ zu dzogoedzikpe.


Ke miawo miegbe Mawu, si ɖe nu tso miaƒe dzɔgbevɔ̃ewo kple hiãwo katã me, eye miegblɔ nɛ bena: Ɖo fia ɖe mia nu! Azɔ miɖo le Yehowa ŋku me ɖe miaƒe towo kple ame akpeakpeawo nu!


Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ɖo to dukɔ la ƒe gbe le nusianu, si woagblɔ na wo la me, elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe be, nyemagaɖu fia ɖe yewo dzi o.


Amesi le gbeyem, eye mexɔa nye nyawo o la, ekpɔ amesi le ʋɔnu drɔ̃mi; nya, si megblɔ la, eya ke ladrɔ̃ ʋɔnui le nuwuwuŋkeke la dzi.


Aƒetɔ, mieɖo ŋui bena, esi ameblela ma le agbe la, egblɔ bena: Le ŋkeke etɔ̃ megbe la magatsi tre.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite